11
Wotu nubabla la
Esiae nye gbe si tso Yehowa gbɔ va na Yeremia. “Ɖo to nubabla sia me nyawo ne nàgblɔ wo na Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem. Gblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Fiƒode le ame si mewɔ ɖe nubabla sia me nyawo dzi o la dzi. Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu. Ekema mawɔ ɖe atam si meka na mia fofowo be matsɔ anyigba si le dzidzim kple notsi kple anyitsi na wo la dzi.’ Esiae nye anyigba si dzi miele egbea.”
Meɖo eŋu be, “Amen, Yehowa.”
Yehowa gblɔ nam be, “Ɖe gbeƒã nya siawo katã le Yuda duwo kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi be ‘Miɖo to nubabla sia me nyawo ne mialé wo me ɖe asi. Tso gbe si gbe mekplɔ mia fofowo do goe tso Egipte va se ɖe egbe sia la, mexlɔ̃ nu wo zi geɖe be, “Miɖo tom.” Ke womeɖo to alo see nam o, ke boŋ wodze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tosesẽ yome. Ale mehe fiƒode siwo katã megblɔ da ɖi ɖe nubabla la dzi dalawo ŋu la va wo dzi.’ ”
Tete Yehowa gblɔ nam be, “Nugbeɖoɖo aɖe le Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo dome. 10 Wotrɔ yi wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo gbɔ, ame siwo gbe nye gbe sese. Wokplɔ mawu bubuwo ɖo be yewoasubɔ wo. Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la siaa tu nubabla si mewɔ kple wo fofowo. 11 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Mahe gbegblẽ si nu womate ŋu asi le o la ava wo dzi togbɔ be woado ɣli ayɔm hã la, nyematɔ na wo o. 12 Yuda ƒe duwo kple Yerusalem nɔlawo afa avi na woƒe mawu siwo wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na gake womate ŋu akpe ɖe wo ŋuti ne gbegblẽ siawo katã va ƒo ɖi o. 13 O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye nuxeƒe siwo nèɖo be yeanɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom na ŋukpenamawu, Baal la sɔ gbɔ abe Yerusalem ƒe ablɔwo ene.’
14 “Mègado gbe ɖa ɖe ame siawo ta o, mègaɖe kuku ɖe wo nu o, eye mègabia naneke na wo o, elabena ne woyɔm le xaxaɣi la, nyemaɖo to wo o.
15 “Nu ka wɔm nye lɔlɔ̃tɔ le le nye gbedoxɔ la me,
le esime wowɔ nu tovowo kple ame geɖewo?
Ɖe wò vɔsalã kɔkɔewo ate ŋu aɖe
wò le tohehe mea?
Elabena ne èle nu tovowo wɔm la,
dzi nɔa dzɔwòm.”
 
16 Yehowa na ŋkɔ wò be
amiti dama si dzi kutsetse nyuiwo le.
Gake le gbeɖeɖe aɖe abe ahom sesẽ ene me la,
ana dzo afiae
eye eƒe alɔdzewo hã afia keŋkeŋ.
17 Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si li ke wò la ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò elabena Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe wɔ vɔ̃ eye wodo dziku nɛ le ale si wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal la ta.
Nugbeɖoɖo ɖe Yeremia ŋu
18 Esime Yehowa ɖe woƒe nugbeɖoɖowo fiam la, menyae, elabena le ɣe ma yi la, efia nu siwo wɔm wonɔ lam. 19 Menɔ abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge la ene; nyemekpɔe dze sii be woɖo nugbe ɖe ŋutinye le gbɔgblɔm be,
“Mina míagblẽ ati la kple eƒe kutsetse,
mina míaɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi,
ale be womagaɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzi gbeɖegbeɖe o.”
20 Ke, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
wò ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe,
doa dzi kple tamesusu kpɔ la,
na makpɔ wò hlɔ̃biabia si le wo dzi va ge
elabena asiwò me metsɔ nye nya dee.
21 “Eya ta ale Yehowa gblɔ tso Anatɔt ŋutsuwo, ame siwo le wò agbe yome tim eye wole gbɔgblɔm be, ‘Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me o, ne menye nenema o la, míawu wò.’ 22 Le esia ta, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, dɔwuame atsrɔ̃ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. 23 Ame aɖeke masusɔ o, elabena mahe dzɔgbevɔ̃e gã aɖe ada ɖe Anatɔt ŋutsuwo dzi le ƒe si meɖo be mahe to na wo la me.’ ”