12
Yeremia ƒe nyahehe
Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la,
wò nya dzɔna ɣe sia ɣi.
Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.
Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo?
Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?
Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku.
Wò ŋkɔ le nu na wo
gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.
Oo, Yehowa, ke wò la ènyam,
èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò.
Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee!
Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!
Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi
eye gbewo naƒu ase ɖo?
Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la,
xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃.
Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be,
“Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”
Mawu ƒe nyaŋuɖoɖo
“Ne èke duɖime kple amegbetɔwo
kple afɔ eye nu te ŋuwò la,
aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo?
Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la,
aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?
Nɔviwò kple wò ŋutɔ
wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi
eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò.
Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la,
mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.
 
“Magbe nu le nye aƒe gbɔ
eye magble nye domenyinu ɖi.
Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo.
Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene.
Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo.
Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe
si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa?
Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ
ne woava vuvu nu.
10 Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingble
eye woanye avuzi le nye agble dzi.
Wole nye agble veviwo wɔ ge
woazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.
11 Wole ewɔ ge wòazu gbegbe
kple kuɖiɖinyigba si manyo na
naneke le ŋkunye me o.
Anyigba la katã azu aƒedo
elabena ame aɖeke manɔ anyi
si atsɔ ɖe le eme o.
12 Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi
elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba
ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi
eye ame aɖeke mato le eme o.
13 Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu,
woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o.
Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi
le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”
14 Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome. 15 Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. 16 Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome. 17 Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii.” Yehowae gblɔe.