13
Aklala biɖibiɖi ƒe alidziblanu
Ale Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàƒle alidziblanu si wowɔ kple aklala biɖibiɖi, eye nàtsɔe abla wò ali dzi. Ke mègana wòade tsi me o.” Ale meƒle alidziblanu la abe ale si Yehowa gblɔ nam ene, eye metsɔe bla nye ali dzi.
Tete Yehowa ƒe nya va nam zi evelia be, “Tsɔ alidziblanu si nèƒle tsɔ bla ali dzi la, nàyi ɖe Frat azɔ eye nàɣlae ɖe kpetome le afi ma.” Ale meyi ɖaɣlae ɖe Frat abe ale si Yehowa gblɔ nam ene.
Le ŋkeke geɖewo megbe la, Yehowa gblɔ nam be, “Yi ɖe Frat azɔ nàɖatsɔ alidziblanu si megblɔ na wò be nàɣla ɖe afi ma.” Ale meyi ɖe Frat ɖaku alidziblanu la le teƒe si meɣlae ɖo. Ke azɔ la mekpɔ be enyunyɔ eye ŋudɔwɔnu aɖeke megale eŋu o.
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Alea kee magblẽ Yuda ƒe dada kple Yerusalem ƒe dada gã la mee. 10 Ame vɔ̃ɖi siawo, esi wogbe nye gbe sese hedze woƒe dziwo ƒe aglãdzedze yome eye woti mawu bubuwo yome be yewoasubɔ wo, ade ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia si ŋu wɔna aɖeke megale o la ene.’ 11 Yehowa be, ‘Elabena, abe ale si alidziblanu nɔa ali dzii na ŋutsu ene la, nenema mebla Israel ƒe aƒe la katã kple Yuda ƒe aƒe la katãe ɖe ɖokuinye ŋu be woanye nye dukɔ, nye bubu, nye kafukafu kple nye atsyɔ̃ gake wogbe toɖoɖo.’
Lãgbalẽwaingoewo
12 “Gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miku wain ɖe lãgbalẽgoawo katã me.’ Eye ne woagblɔ na wò be, ‘Ɖe míenyae be ele be woaku wain ɖe goawo katã me o hã?’ la, 13 ekema gblɔ na wo be, aleae Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ ahamumu ayɔ ame siwo katã le anyigba la dzi mee fũu, fia siwo nɔ David ƒe fiazikpui dzi la hã anɔ eme hekpe ɖe nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le Yerusalem ŋuti. 14 Yehowa be, matsɔ wo axlã ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa, nyemana be nublanuikpɔkpɔ, amenuveve alo dɔmetɔtrɔ nawɔe be magbe wo tsɔtsrɔ̃ o.’ ”
Aboyomeyiyi ƒe ŋɔdzidodo
15 Misee, miƒu to anyi,
migado mia ɖokui ɖe dzi o,
elabena Yehowae ƒo nu.
16 Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa,
miaƒe Mawu la hafi wòahe viviti vɛ,
hafi miaƒe afɔwo nanɔ nu klim
le togbɛ dovivitiwo dzi.
Miele mɔ kpɔm na kekeli,
ke ana wòazu viviti tsiɖitsiɖi
eye wòatrɔe wòazu blanuiléle ƒe blukɔ.
17 Ke ne mieɖo to o la,
mafa avi le bebeme le miaƒe dada ta.
Nye ŋkuwo afa avi vevie eye aɖatsi ado
le mo nam blobloblo
elabena woaɖe aboyo Yehowa ƒe alẽha la.
 
18 Gblɔ na fia la kple fiasrɔ̃ la be,
“Miɖi le miaƒe fiazikpuiwo dzi
elabena miaƒe atsyɔ̃fiakukuwo age le ta na mi.”
19 Woatu du siwo le gbegbe la ƒe agbowo
eye ame aɖeke meli si aʋu wo o.
Woaɖe aboyo Yudatɔwo katã
eye woakplɔ wo adzoe.
 
20 Mifɔ mo dzi ne miakpɔ
ame siwo gbɔna tso anyiehe.
Afi ka alẽha si wotsɔ de asi na mi la le,
alẽha si dzi miedana ɖo?
21 Nu ka nàgblɔ nenye be Yehowa tsɔ ame siwo nèhe be
woanye xɔ̃wòwo la ɖo tatɔwo na wò?
Ɖe màse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene oa?
22 Ne èbia ɖokuiwò be,
“Nu ka ta nu sia dzɔ ɖe dzinye hã la
le wò nu vɔ̃ gbogboawo ta wovuvu avɔ
le ŋuwò eye wowɔ fu wò ŋutilã ɖo?
23 Ɖe Etiopiatɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ
alo lãkle natrɔ agbalẽ ŋɔtaŋɔta si le eŋutia?
Nenema kee mi ame siwo vɔ̃wɔwɔ ma la,
miate ŋu awɔ nyui o.”
 
24 Yehowa be, “Makaka mi ahlẽ
abe ale si dzogbeya lɔa tsro ɖe nu ene.
25 Esiae nye tɔwò kple wò gomekpɔkpɔ
si meɖo ɖi na wò,
elabena ègblẽm ɖi hedze aʋatsomawuwo yome.
26 Maɖe avɔ le ŋuwò atsɔ atsyɔ mo na
wò be woakpɔ wò ŋukpeƒe,
27 wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo
kple wò gbolowɔwɔ ŋukpemanɔmetɔe!
Mekpɔ wò ŋunyɔnuwɔwɔwo
le togbɛwo dzi kple baliwo me.
Oo, Yerusalem, babaa na wò.
Va se ɖe ɣe ka ɣi nàƒo ɖi ase ɖo?”