14
Gbeƒãɖeɖe kuɖiɖi, dɔtoto kple yi
Esiae nye Yehowa ƒe nya na Yeremia tso kuɖiɖi ŋuti.
“Yuda le nu xam,
eƒe duwo le fukpekpe me,
wole avi fam le anyigba la ta
eye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem.
Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe;
woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o.
Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo,
wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta.
Anyigba la katã wo gblogblogblo,
elabena tsi mele dzadzam ɖe edzi o;
agbledelawo ƒe mo tsi dãa, eye wotsyɔ nu ta.
Fɔmizi le gbe me gɔ̃ hã gblẽa via ɖi
elabena gbe mumu meli o.
Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒuƒluwo dzi
henɔa ya nom abe amegaxiwo ene.
Woƒe ŋkuwo dzi tsyɔna
elabena gbeɖuƒe aɖeke megali o.”
 
O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo
le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la,
wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ,
eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ,
eƒe Ɖela le xaxawo me;
nu ka ta nèle abe amedzro ene le anyigba dzi,
eye abe mɔzɔla si va anyi tsi ge
ŋkeke ɖeka ko ene?
Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo
kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ,
eye mate ŋu axɔ na ame o la ene?
O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu
eya ta mègagblẽ mi ɖi o!
10 Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi:
“Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo;
woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o,
eya ta Yehowa mexɔ wo o.
Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi,
eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
11 Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mègado gbe ɖa be eme nanyo na dukɔ sia o. 12 Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.”
13 Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’ ”
14 Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm. 15 Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo 16 eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’
17 “Gblɔ nya sia na wo be,
“ ‘Na be aɖatsi nasi tso nye ŋkuwo me zã
kple keli madzudzɔmadzudzɔe
elabena vinyenyɔnu si menya ŋutsu o,
ame si nye dukɔ la,
xɔ abi vevie le esi wogbãe ta.
18 Ne meyi ɖe gbedzi la,
mekpɔa ame siwo wowu kple yi la
ƒe ŋutilã kukuawo.
Ne mege ɖe dua me la,
mekpɔa nu si gblẽm dɔwuame le.
Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yi ɖe
anyigba si womenya o la dzi.’
 
19 “Ɖe nègbe Yuda gbidiia?
Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa?
Nu ka ta nède abi mía ŋuti
ale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o?
Míekpɔ mɔ na ŋutifafa
gake nu nyui aɖeke meva na mí o.
Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li.
20 O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ
kple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo.
Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
21 Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o;
mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o.
Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o.
22 Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa?
Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia?
Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ.
Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò,
elabena wòe wɔa esiawo katã.”