15
Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo! Ke ne wobia wò be, ‘Afi ka miayi hã’ la, gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Ame siwo woɖo ɖi na ku la, ayi ku me.
Ame siwo woɖo ɖi na yi la, atsi yi nu.
Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la atsi dɔwuame ƒe asi me.
Eye ame siwo woɖo ɖi na aboyomeyiyi la, ayi aboyome.’ ”
Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo. Mawɔ wo woanye ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo le nu si Hezekia ƒe vi, Manase, Yuda fia wɔ le Yerusalem ta. Yehowa be,
“O Yerusalem, ame kae akpɔ nublanui na wò?
Ame kae afa na wò?
Ame kae atɔ, abia wò agbe ta se?
Ègbe nu le gbɔnye,
ègale megbedede dzi eya ta malé wò,
atsrɔ̃ wò.
Nyemagate ŋu akpɔ nublanui na wò o.
Magbɔ wò kple nugbɔnu le anyigba sia ƒe agbowo nu.
Mana kunyawo nadzɔ ɖe wo dzi eye matsrɔ̃ dukɔ sia
elabena wometrɔ le woƒe mɔwo dzi o.
Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake.
Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ,
wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi.
Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi!
Nu ate vi adre dzila ŋu, eye wòaɖe asi le eƒe luʋɔ ŋu.
Eƒe ɣe aɖo to le ŋdɔ.
Woado vloe eye wòaɖu ŋukpe.
Mana ame siwo susɔ la natsi yi nu le
woƒe futɔwo ƒe ŋkume,”
Yehowae gblɔe.
 
10 Danye, baba be nèdzim.
Nye ame si anyigba blibo la le avu wɔm,
le nya hem kplii!
Nyemedo nugbana na ame aɖeke o,
eye ame aɖeke hã medo nugbana nam o,
gake ame sia ame le fi ƒom le deyem.
11 Yehowa be,
“Vavã maɖe wò kokoko le susu nyui aɖe ta.
Le nyateƒe me, mana wò ketɔwo naɖe kuku na wò
le gbegblẽ kple xaxa ƒe ɣeyiɣiwo me.
 
12 “Ɖe ame ate ŋu aŋe gayibɔ alo akɔbli si tso anyiehea?
 
13 “Wò nu xɔasiwo kple wò kesinɔnuwo la,
matsɔ wo ana abe nuhaha ene femaxee le wò nu vɔ̃
siwo nèwɔ le wò dukɔ me godoo la ta.
14 Mana nànye kluvi na wò futɔwo
le anyigba si mènya o la dzi elabena nye dziku azu dzo abi ɖe ŋutiwò.”
 
15 O Yehowa, èse egɔme eya ta ɖo ŋku dzinye
eye nàkpɔ tanye. Bia hlɔ̃ yonyemetilawo;
le wò dzigbɔgbɔ blewuu me la, mègakplɔm dzoe o.
Bu ale si mexɔ vlododo le tawòe la ŋuti.
16 Esi wò nyawo va la, meɖu wo,
wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ,
elabena wò ŋkɔ le ŋunye,
O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu.
17 Nyemenɔ anyi ɖe aglotulawo ƒe hame kpɔ loo
alo kpɔ dzidzɔ kpli wo kpɔ o.
Nye ɖeka koe nɔ anyi elabena wò asi le dzinye
eye nètsɔ dziku yɔ menye.
18 Nu ka ta nye vevesese nu mele tsotsom o
eye nye abiwo lolo ɖe edzi hezu abi makumakuwo?
Ɖe nànɔ nam abe bleziblezita alo vudo
si megale tsi dzim o la enea?
19 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ne mietrɔ dzi me la, magaɖo mi te be miasubɔm.
Ne miagblɔ nya vavãwo, ke menye nya maɖinyawo o,
magana mianye nye amewo.
Na ame siawo natrɔ ɖe ŋuwò, ke wò màtrɔ ɖe wo ŋu o.
20 Mawɔ wò nànye gli na ame siawo
eye nànye akɔbligli sesẽ na wo.
Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o,
elabena meli kpli wò be maxɔ na wò.
21 Maxɔ wò le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,
eye maɖe wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.”
Yehowae gblɔe.