20
Yeremia kple Pasur
Esi nunɔla Pasur, Imer ƒe vi, Yehowa ƒe gbedoxɔ me ƒe dɔnunɔlagã la se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm ɖi la, ena woƒo Nyagblɔɖila Yeremia eye wodee kunyowu me, tsi ɖe Benyamingbo dzigbetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ nu la ŋu. Esi ŋu ke eye Parsur ɖee le game la, Yeremia gblɔ nɛ be, “Yehowa ƒe ŋkɔ si wòtsɔ na wòe nye, ame si ŋɔdzi ƒo xlãe, ke menye Pasur o; elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi. Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo, adzɔnuwo, nu xɔasiwo kple Yuda fia ƒe kesinɔnuwo adzoe. Woatsɔ wo adzoe abe nuhaha ene ayi Babilonia kee. Ke wò Pasur kple ame siwo katã le wò aƒe me la, woakplɔ mi ayi aboyo me le Babilonia. Afi ma miaku ɖo eye afi ma woaɖi mi ɖo, wò kple xɔ̃wo siwo nègblɔ aʋatsonyagblɔɖiwo na.’ ”
Yeremia fa konyi
O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se;
èƒo nya ɖe nunye eye nèɖu dzinye.
Ɣe sia ɣi wole alɔme ɖem le ŋunye
eye ame sia ame le koyem.
Ɣe sia ɣi ne mebe maƒo nu la,
medoa ɣli heɖea gbeƒã ʋunyaʋunya kple tsɔtsrɔ̃,
ale Yehowa ƒe nya hea dzu
kple vlododo vɛ nam ɣe sia ɣi.
Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ
alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la,
eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me,
eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo
le nye ƒu tome ene.
Etsɔtsɔ ti kɔ nam.
Vavã nyemagate ŋui o.
10 Mese ame geɖewo le dalĩ dom be,
“Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!”
Xɔ̃nyewo katã le klalo na
nye anyidzedze le gbɔgblɔm be,
“Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”
 
11 Ke Yehowa li kplim abe aʋawɔla kalẽtɔ ene,
eya ta yonyemetilawo akli nu eye womaɖu dzi o.
Woƒe ɖoɖowo me agblẽ
eye woaɖu ŋukpe vevie,
bubu si woɖe le wo ŋu la,
womaŋlɔe be akpɔ o.
12 O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
wò ame si doa ame dzɔdzɔewo kpɔ,
eye nèdzroa woƒe dzi kple tamesusuwo me,
na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe
elabena wòe metsɔ nye nya de asi na.
 
13 Midzi ha na Yehowa!
Mitsɔ kafukafu na Yehowa!
Eɖe hiãtɔwo ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
 
14 Aɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpekpekpe.
Yayra meganɔ gbe si gbe danye dzim la dzi o!
15 Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya
sia yi na fofonye be,
“Wodzi viŋutsu na wò” la dzi!
16 Nenɔ na ŋutsu ma abe du siwo Yehowa gbã
nublanuimakpɔmakpɔtɔe la ene.
Nese aviɣli le ŋdi me kple aʋaɣli le ŋdɔ me,
17 elabena mewum ɖe vidzidɔ me be
danye nanye yɔdo nam,
eye eƒe vidzidɔ nalolo tegbee o.
18 Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be
makpɔ fukpekpe kple nuxaxa
eye nye ŋkekewo nawu nu le ŋukpe me?