21
Mawu mewɔ Zedekia ƒe dzimedidi dzi nɛ o
Gbedeasi sia va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Fia Zedekia dɔ Pasur, Malkiya ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi ɖe egbɔ. Wogblɔ na Yeremia be, “Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”
Tete Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Migblɔ na Zedekia be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina. Nye ŋutɔ matsɔ alɔ si le dzi kple alɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dziku, dɔmedzoe kple vevesese helĩhelĩ me. Maƒo du sia me nɔlawo aƒu anyi, amegbetɔwo kple lãwo siaa eye dɔvɔ̃ awu wo. Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’
“Gawu la, gblɔ na dukɔ la be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋkume ɖom. Ame si atsi du sia me la, yi, dɔwuame alo dɔvɔ̃ awui, ke ame si tsɔ eɖokui na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua la maku o, ke boŋ aɖe eƒe agbe. 10 Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe.
11 “Gawu la, gblɔ na Yuda ƒe fiaƒemetɔwo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya: 12 O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi,
mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si,
ne menye nenema o la, nye dziku agbã go,
abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o,
ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.
13 Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem,
wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame,
mi ame siwo gblɔ be,
“Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu?
Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?”
Yehowae gblɔe.
14 Yehowa be, “Mahe to na mi le miaƒe nu tovowo wɔwɔ ta,
maɖe dzo ade miaƒe avewo me,
eye wòafia nu sia nu si ƒo xlã mi.” ’ ”
Yehowae gblɔe.