22
Ʋɔnudɔdrɔ̃ fia vɔ̃ɖiwo
Ale Yehowa gblɔe nye si, “Yi ɖe Yuda fia ƒe sãme eye nàgblɔ gbedeasi sia nɛ, ‘O Yuda fia, wò ame si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, wò dumegãwo kple wò ame siwo toa agbo siawo me yina, mise Yehowa ƒe nya. Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o; elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo. Ke ne mieɖo to sedede siawo o la, meta ɖokuinye be fiasã sia agbã, azu aƒedo.’ ” Yehowae gblɔe.
Elabena ale Yehowa gblɔ le Yuda fia ƒe fiasã la ŋue nye esi: “Togbɔ be èle nam abe Gilead kple Lebanon towo ƒe tame ene hã la, mawɔ wò le nyateƒe me nàzu abe gbegbe kple du siwo zu aƒedo ene. Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, ɖe sia ɖe alé lãnu ɖe asi eye woalã wò sedati vavãwo atsɔ aƒu gbe ɖe dzo me.
“Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?’ Ŋuɖoɖoa anye be, ‘Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’ ”
10 Mègafa avi na fia si ku la alo nàfa eƒe ku o,
ke boŋ fa avi vevie na ame si woɖe aboyoe
elabena magatrɔ agbɔ
alo akpɔ eƒe denyigba akpɔ o.
11 Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: “Magatrɔ agbɔ gbeɖe o. 12 Aku ɖe afi si woɖe aboyoe ɖo eye magakpɔ anyigba sia akpɔ o.”
13 “Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi
eye eƒe sã to amebaba me,
ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be
woawɔ dɔ nɛ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo.
14 Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye
eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’
Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti
eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me,
hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ.
 
15 “Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia?
Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa?
Fofowò wɔ nu si dze eye wòle eteƒe
eya ta nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.
16 Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta
eya ta nu sia nu dze edzi nɛ ɖo.
Ɖe menye esiae nye sidzedzem oa?”
Yehowae gblɔe.
17 “Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi,
ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.”
18 Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi:
“Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o.
Eye womafa nɛ be,
‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o.
19 Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene
elabena woahee lelele le anyigba,
atsɔ aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe agbowo godo.”
 
20 “Yi ɖe Lebanon, nàfa avi sesĩe
ne woase wò gbe le Basan ke,
nɔ Abarim nàfa avi kple ɣli
elabena wotsrɔ̃ wò lɔlɔ̃tɔwo katã.
21 Megblɔe na wò kɔtɛe esi nèsusu be
yele dedinɔnɔ me, gake ègblɔ be,
‘Nyemaɖo to wò o!’
Aleae nye wò nɔnɔme tso wò ɖekakpuime ke;
ègbe, mèɖo tom kpɔ o.
22 Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe,
eye woaɖe aboyo wò lɔlɔ̃tɔwo katã.
Ekema ŋu akpe wò eye woado vlo wò
le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gbogboawo ta.
23 Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon,
heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me,
aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi!
Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!”
24 Yehowa be, “Meta nye agbe be, nenye wò, Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam gɔ̃ hã la, maɖe wò aƒu gbe godoo. 25 Makplɔ wò ade asi na ame siwo le wò agbe yome tim, Nebukadnezar, Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo nèle vɔvɔ̃m na. 26 Matsɔ wò kple dawò si dzi wò la aƒu gbe ɖe dukɔ bubu me, afi si womedzi mia dometɔ aɖeke ɖo o; afi ma mi ame evea miaku ɖo. 27 Miagatrɔ agbɔ ava anyigba si miedi vevie la dzi kpɔ o.”
28 Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃
si dim ame aɖeke mele oa?
Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba
si womenya o la dzi?
29 O anyigba, anyigba, anyigba,
se Yehowa ƒe nya!
30 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe
ame si si vi mele o la ene,
ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o;
elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o,
eye wo dometɔ aɖeke hã manɔ anyi ɖe
David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o.”