23
Atilɔ dzɔdzɔe la
Yehowa be, “Baba na alẽkplɔla siwo le alẽ siwo le nye lãnyiƒe la vuvum hele wo kakam!” Eya ta ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na alẽkplɔla siwo le nye dukɔ la kplɔm lae nye esi: “Esi mielé be na nye alẽhawo o, ke boŋ miekaka wo eye mienya wo de gbe ta la, mahe to na mi ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le. Matsɔ alẽkplɔla siwo akpɔ wo dzi nyuie la aɖo wo nu, ale womagavɔ̃ alo dzidzi naƒo wo alo wo dometɔ aɖeke nabu o.” Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe,
aɖe nadze atso David ƒe ƒome me,
anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe
kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi.
Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me.
Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ:
Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.
 
“Yehowa be eya ta ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israelviwo do goe le Egipte la ƒe agbe’ o. Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo do go tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me woɖe aboyo wo ɖo ɖo la ƒe agbe.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
Aʋatsonyagblɔɖilawo
Nya siwo ku ɖe nyagblɔɖilawo ŋu:
nye dzi gbã le menye eye nye lãme katã le ƒoƒom.
Ɖeko mele abe ŋutsu si mu aha
alo abe ŋutsu si wain wu ko na la ene,
le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta.
10 Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawo
eye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒe
siwo katã le gbegbe la hã yrɔ;
elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovo
eye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ to
mɔ madzɔmadzɔwo dzi.
 
11 “Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye Mawumavɔ̃lawo
eye le nye gbedoxɔ me gɔ̃ hã la,
mekpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.”
Yehowae gblɔe.
12 “Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi dribadriba,
woatsɔ wo aƒu gbe ɖe blukɔ me
eye woadze anyi ɖe afi ma.
Mahe gbegblẽ ava wo dzi
le ƒe si me mahe to na wo.”
Yehowae gblɔe.
 
13 “Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila
siwo le Samaria la dome.
Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me
eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.
14 Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila
siwo le Yerusalem la dome.
Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam.
Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be
ne ame aɖeke nagaɖe asi
le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o.
Wo katã le nam abe Sodom ene.
Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”
15 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋutie nye esi:
“Kpɔ ɖa, mana nuɖuɖu veve wo
eye makpe tsi si me wode aɖii la na wo
elabena Yerusalem ƒe nyagblɔɖilawo gbɔe wòtso be,
mawumavɔmavɔ̃ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.”
16 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm
Nyagblɔɖilawo le na mi la o.
Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu.
Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la
be ŋutegae yewokpɔ,
ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o.
17 Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be,
‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’,
eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖe
woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be,
‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’
18 Ke wo dometɔ kae nɔ Yehowa ƒe aɖaŋu me
be wòakpɔ nu alo ase eƒe nya?
Ame kae ɖo to hese eƒe nya?
19 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe
le eƒe dziku helĩhelĩ me, eye yali atso
abla ɖe ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.
20 Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o
va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe.
Le ŋkeke siwo gbɔna me la,
miase nu siawo gɔme keŋkeŋ.
21 Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o,
gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi.
Nyemeƒo nu kpli wo o,
evɔ wogblɔ nya ɖi.
22 Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anye
ne wogblɔ nye nyawo na nye dukɔ
eye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi
kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.”
 
23 Yehowa be,
“Kpuiƒe ƒe Mawu ko menyea,
eye nyemenye Mawu si le adzɔge oa?
24 Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be
nyemate ŋu akpɔe oa?”
Yehowae gblɔe.
“Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?”
Yehowae gblɔe.
25 “Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’ 26 Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo? 27 Wobu xaa be drɔ̃e siwo wolĩna na wo nɔewo la awɔe be nye amewo aŋlɔ nye ŋkɔ be abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be, to Baal subɔsubɔ me ene.” 28 Yehowa be, “Nyagblɔɖila si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e la faa, gake ame si si nye nya le la, neɖe gbeƒãe anukwaretɔe. Elabena kadodo kae le bli kple atsa dome?” Yehowae gblɔe. 29 “Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ.
30 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe nyagblɔɖila siwo fia nya siwo wosusu be etso gbɔnye la le wo nɔewo gbɔ la ŋuti.” 31 Yehowa be, “Kpɔ ɖa, matso ɖe nyagblɔɖila siwo kpa nya kple woƒe aɖewo, evɔ wohegblɔna be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi’ la ŋuti. 32 Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe.
Aʋatsonyagblɔɖiwo
33 “Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe. 34 Ke ne nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame aɖe ko agblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe gbe’ la, mahe to na ame la kple eƒe aƒekɔ katã. 35 Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’ 36 Ke migakɔ nu le ‘Yehowa ƒe nya’ dzi azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya zu eƒe nyagblɔɖi, ale mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa ƒe Aƒetɔ la, miaƒe Mawu la ƒe nyawo. 37 Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’ 38 Togbɔ be miegblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya, ale Yehowa gblɔe nye esi’ hã la, miegagblɔna be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya,’ evɔ megblɔe na mi, miganɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya’ o. 39 Eya ta kpɔ ɖa, maŋlɔ mi be le nyateƒe me, eye matsɔ mi aƒu gbe le nye ŋkume akpe ɖe du si metsɔ na mi kple mia fofowo la ŋuti. 40 Mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ si womaŋlɔ be akpɔ o la va mia dzi.”