24
Gbotsetse kusi eve
Esi Nebukadnezar, Babilonia fia kplɔ Yehoyakim vi Yehoyatsin, Yuda fia, eƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo yi ɖe aboyo mee le Babilonia megbe la, Yehowa ɖe gbotsetse kusi eve siwo woda ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ mɔnu la fiam. Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o.
Tete Yehowa biam be, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?”
Meɖo eŋu be, “Gbotsetsewoe. Nyuitɔwo le nyuie ŋutɔ, ke manyomanyoawo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o.”
Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Mebu aboyome siwo tso Yuda la abe gbotsetse nyui siawo ene, ame siwo meɖo ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi tso teƒe sia. Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu hena woawo ŋutɔ ƒe nyonyo eye magakplɔ wo agbɔe va anyigba sia dzi. Matu wo eye nyemagbã wo aƒu anyi o. Mado wo eye nyemaho wo aƒu gbe o. Mana dzi wo, ne woadze sim be nyee nye Yehowa. Woanye nye dukɔ eye manye woƒe Mawu elabena woatrɔ agbɔ, ava gbɔnye kple woƒe dzi blibo.’
“Yehowa be, ‘Gake abe gbotsetse siwo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o ene la, nenemae mawɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, woatsi anyigba sia dzi loo, alo woanɔ Egipte. Mawɔ wo woanye bibi kple ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, nu ɖikokoe kple fiƒodenu le afi sia afi si menya wo ɖo ɖo. 10 Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo dome va se ɖe esime woatsrɔ̃, avɔ le anyigba si metsɔ na wo kple wo fofowo la dzi.’ ”