25
Aboyomenɔnɔ ƒe blaadre
Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu. Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be: Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.
Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o. Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me. Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.”
Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.”
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la, mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe. 10 Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o. 11 Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe.
12 Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe. 13 Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi. 14 Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.”
Mawu ƒe dɔmedzoekplu
15 Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la. 16 Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.” 17 Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe.
 
18 Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene.
19 Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo, 20 hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti,
Uz fiawo katã,
Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu.
21 Edom, Moab kple Amon;
22 kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;
23 Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu;
24 Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu.
25 Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media.
26 Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe.
Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe.
 
27 “Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’ 28 Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!” 29 Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’
30 “Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be,
“Yehowa aɖe gbe tso dziƒo
eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la.
Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti.
Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene
eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.
31 Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu,
ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi
eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.”
Yehowae gblɔe.
32 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me.
Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
33 Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.
34 Mi alẽkplɔlawo, mifa avi,
mido ɣli, mimli le ke me,
mi alẽha ƒe kplɔlawo.
Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi,
miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.
35 Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o,
eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o.
36 Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa;
ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo,
elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m.
37 Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba
le Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta.
38 Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene,
eye woƒe anyigba azu gbegbe
le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.