26
Ŋɔdzidodo na Yeremia kple ku
Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, nya sia va nam tso Yehowa gbɔ. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eye nàƒo nu na Yudatɔ siwo katã tso du vovovowo me va subɔsubɔ wɔ ge le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Gblɔ nu siwo katã mede se na wò be nàgblɔ na wo, nya ɖeka pɛ hã megato le eme o. Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’ Gblɔ na wo be: ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ne mieɖo tom hewɔ ɖe nye se siwo mede na mi la dzi o, eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la), ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ”
Nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le afi ma se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku! Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
10 Esi Yuda ƒe dumegãwo se nu siawo la, wotso le fiasã la me heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ eye woyi ɖatɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe Agbo Yeye la nu. 11 Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Ele be woatso kufia na ŋutsu sia, elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋuti. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo!”
12 Tete Yeremia gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Yehowae dɔm be magblɔ nya siwo miese la ɖi ɖe gbedoxɔ sia kple du sia ŋuti. 13 Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o. 14 Ke nye ya la, mele miaƒe asi me xoxo. Miwɔ nu si miesusu be enyo eye wòle eteƒe la kplim faa. 15 Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.”
16 Tete dumegãwo kple ameha la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo be, “Mele be woatso kufia na ŋutsu sia o, elabena egblɔ nya na mi le Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.”
17 Dumegãwo dometɔ aɖewo do ɖe ŋgɔgbe hegblɔ na ameha la be, 18 “Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene,
Yerusalem azu glikpo gbagbã
eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’
19 “Ɖe Hezekia, Yuda fia, alo ame aɖe le Yuda wuia? Ɖe Hezekia mevɔ̃ Yehowa hetrɔ ɖe eŋu eye wòdi amenuveve le egbɔ oa? Eye ɖe Yehowa metrɔ eƒe susu ale be megaxa he gbegblẽ si wòɖe gbeƒãe la va wo dzii oa? Míawo ya la míele gbegblẽ dziŋɔ aɖe he ge va mía ɖokuiwo dzii!”
20 (Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti. 21 Esi Fia Yehoyakim kple eŋumewo kple eƒe dumegãwo se eƒe nyawo la, fia la di vevie be yeawui, Ke Uria see eye wòsi kple vɔvɔ̃ yi Egipte. 22 Ke Fia Yehoyakim dɔ Elnatan, Akbor ƒe vi kple ŋutsu bubu geɖewo ɖe eyome. 23 Woyi ɖakplɔ Uria tso Egipte vɛ na Fia Yehoyakim, ame si na wowui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe ame gbɔlowo ɖiƒe.)
24 Gawu la, Safan ƒe vi, Ahikam de megbe na Yeremia ale wometsɔe de asi na ameawo be woawu o.