28
Aʋatsonyagblɔɖila Hananiya
Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge. Le ƒe eve megbe la, matrɔ nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar lɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me tsɔ yi Babilonia la vɛ. Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe.
Tete Nyagblɔɖila Yeremia ɖo nya la ŋu na Nyagblɔɖila Hananiya le nunɔlaawo kple ame siwo katã nɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ. Ke hã la, ɖo to nàse nya siwo ku ge mala ɖe to me na wò kple ame siwo le teƒe sia. Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti. Gake nyagblɔɖila si gblɔ ŋutifafanya aɖe, eye eƒe nyagblɔɖi la va eme la koe wobuna be enye ame si Yehowa dɔ vavã.”
10 Kasia Nyagblɔɖila Hananiya ɖe kɔkuti la le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia eye wòŋee. 11 Egblɔ le ameawo ƒe ŋkume be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Aleae maŋe Babilonia fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti le kɔe na dukɔwo katã le ƒe eve me.’ ” Le esia megbe la, Nyagblɔɖila Yeremia lé eƒe mɔ hedzo.
12 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 13 “Yi nàgblɔ na Hananiya be ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èŋe atikɔkuti, gake le eteƒe la, woatsɔ gakɔkuti ana wo. 14 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ”
15 Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase. 16 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mele ɖe wò ge ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe nya.’ ”
17 Le ɣleti adrelia me le ƒe ma me la, Nyagblɔɖila Hananiya ku.