29
Yeremia ŋlɔ agbalẽ na aboyomenɔlawo
Esia nye agbalẽ si Nyagblɔɖila Yeremia ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomenɔlawo ƒe ametsitsi mamlɛawo, nunɔla siwo gale agbe, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi ɖe Babilonia la me nyawo. Esia va eme le esi wokplɔ Fia Yehoyatsin, fiasrɔ̃, ʋɔnudɔdzikpɔlawo, Yuda dumegãwo, Yerusalem dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo le Yerusalem yi aboyo mee megbe Ame siwo xɔ agbalẽa yi na woe nye, Eleasa, Safan ƒe vi kple Gemaria, Hilkia ƒe vi, ame si Yuda fia Zedekia dɔ ɖo ɖe Babilonia fia Nebukadnezar gbɔ. Agbalẽa me nyawo be:
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ na ame siwo katã mekplɔ tso Yerusalem yi ɖe aboyo mee le Babilonia, “Mitso aƒewo ne mianɔ wo me, mide agble eye miaɖu emenuwo. Miɖe srɔ̃ ne miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, ale be woawo hã nadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Midzi ɖe edzi le afi ma ke migazu ʋɛe o. Gawu la, midi ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ na du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖo la. Mido gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta elabena ne eme nyo na wo la, anyo na miawo hã.” Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migana Nyagblɔɖila kple bokɔnɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe drɔ̃e siwo miede dzi ƒo na wo be woaku la ŋuti o. Aʋatsonyawo gblɔm wole ɖi na mi le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo o.” Yehowae gblɔe.
10 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne ƒe blaadre de na Babilonia vɔ la, mava mia gbɔ eye mawɔ ɖe amenuveveŋugbe si medo, be magakplɔ mi va teƒe sia la dzi. 11 Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi. 12 Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi. 13 Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko. 14 Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee.” Yehowae gblɔe.
15 Miagblɔ be, “Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo na mi le Babilonia.” 16 Gake ale Yehowa gblɔ le fia si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, ame siwo katã susɔ ɖe du sia me, miaƒe dumetɔ siwo meyi aboyo me o la ŋuti, 17 Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo ŋuti eye mawɔ wo abe gbotsetse manyomanyo si ƒaƒã ale gbegbe be womate ŋu aɖui o la ene. 18 Mati wo yome kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃, eye woanye ŋɔdzinu na anyigbadzidukɔwo katã. Woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔ siwo katã dome menya wo ɖo ɖo la. 19 Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe.
20 Eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi ame siwo meɖo ɖe aboyo me le Babilonia tso Yerusalem. 21 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔ le Ahab, Kolaya ƒe vi kple Zedekia, Maaseya ƒe vi, ame siwo le aʋatsonyagblɔɖiwo gblɔm le nye ŋkɔ dzi la ŋutie nye esi: “Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia, Nebukadnezar eye wòawu wo le mia ŋkume. 22 Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’ 23 Elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo eye woka aʋatso le nye ŋkɔ me, evɔ nyemegblɔe na wo be wonewɔ nenema o. Menya eye menye ɖasefo nɛ.” Yehowae gblɔe.
Gbedeasi na Semaya
24 Gblɔ na Semaya, Nehelamitɔ be, 25 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ me heɖo ɖe Yerusalemtɔwo katã, na nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi kple nunɔla bubuawo.’ Eŋlɔ na Zefania be, 26 ‘Yehowa ɖo wò nunɔlae ɖe Yehoiada teƒe be nànye Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzi kpɔla, eye ne aɖaʋatɔ aɖe va le nu wɔm abe nyagblɔɖila ene la, lée de kunyowu me, eye nàde ga kɔ nɛ. 27 Ekema nu ka ta mèka mo na Yeremia, Anatɔt la, ame si le nyagblɔɖila ƒe dɔ wɔm le mia dome la o? 28 Eɖo agbalẽ sia ɖe mi le Babilonia be mianɔ afi ma wòadidi, eya ta mitso aƒewo mianɔ wo me, miade agble, eye miaɖu emenuwo.’ ”
29 Ke Nunɔla Zefania xlẽ agbalẽ la na Nyagblɔɖila Yeremia. 30 Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 31 “Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,” 32 ale Yehowa gblɔe nye esi: Mahe to na Semaya, Nehelamitɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã, eƒe ƒometɔ aɖeke masusɔ ɖe eƒe amewo dome alo akpɔ nu nyui si mawɔ na nye dukɔ la o, elabena egblɔ nya be woadze aglã ɖe ŋutinye.’ ” Yehowae gblɔe.