30
Woagaɖo Israel te
Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ. “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò la ɖe agbalẽ me’ Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’ ” Yehowa gblɔe.
Nya siawoe Yehowa gblɔ tso Israel kple Yuda ŋuti. “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Wose vɔvɔ̃ ƒe avifafa, ŋɔdzi koe li, menye ŋutifafa o.
Bia eye nàkpɔe ɖa be,
Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via?
Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe
sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe
nyɔnu si le ku lém ene,
eye woƒe mowo fu tititi ale?
Alele, anye ŋkeke dziŋɔ
eye ɖeke magasɔ kplii o!
Anye xaxaɣi na Yakob,
ke woaɖee le eme.”
 
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be,
“Le ŋkeke ma dzi la,
maŋe kɔkuti la le woƒe kɔwo eye maɖe ga wo,
amedzrowo magado kluvi wo azɔ o.
Ke boŋ woasubɔ Yehowa,
woƒe Mawu la kple woƒe fia David,
si maɖo na wo.
 
10 “Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob.
O Israel, wò mo megatsi dãa o.”
Yehowae gblɔe.
“Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi,
eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me.
Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me
eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o.
11 Meli kpli wò be maɖe wò.”
Yehowae gblɔe.
“Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me
mekaka mi ɖo hã la,
nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o.
Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o,
mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.
12 “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Wò abi la nye abi makumaku, eye nuvevi si wɔ wò la,
womate ŋu adae o.
13 Ame aɖeke meli aʋli tawò o,
atike aɖeke meli na wò abi la o,
eya ta dɔyɔyɔ hã meli na wò o.
14 Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be,
wometsɔ ɖeke le eme na wò o.
Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene,
eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene,
elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ,
eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ.
15 Nu ka ŋutie nèle avi fam tso wò abi
kple vevesese si dɔyɔyɔ meli na o la ŋuti?
Le wò agɔdzedze gbogboawo
kple wò nu vɔ̃ gbogboawo tae mewɔ nu
siawo katã ɖe ŋutiwò ɖo.
 
16 “ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo,
eye wò futɔwo katã ayi aboyo me.
Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã.
Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo
ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene.
17 Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku,
elabena woyɔ wò be saɖagatɔ,
Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’ ”
Yehowae gblɔe.
18 “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te
eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo;
woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe
eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa.
19 Kafukafuha kple aseyetsogbe aɖi tso wo dome.
Mana woadzi ɖe edzi eye wo dzi maɖe akpɔtɔ o.
Made bubu wo ŋu eye womaɖi gbɔ̃ o.
20 Wo viwo anɔ abe le blema ƒe ɣeyiɣiwo me ene
eye woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me.
Mahe to na ame siwo katã te wo ɖe to.
21 Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka
eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome.
Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie.
Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be
wòate ɖe ŋutinye kpokploe?
22 Ale be mianye nye dukɔ
eye nye hã manye miaƒe Mawu.’ ”
Yehowae gblɔe.
 
23 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe
le dziku helĩhelĩ me,
eye yali abla ɖe ta ŋu na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.
24 Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la matrɔ adzo o,
va se ɖe esime wòwɔ nu siwo katã le
eƒe dzi dzi la de goe hafi.
Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu sia gɔme.