31
Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ame siwo metsi yi nu o
la akpɔ amenuveve le gbedadaƒo,
mava ana dzudzɔ Israel.”
Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be,
“Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ,
metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti.
O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,
magaɖo wò te eye nànɔ te.
Agatsɔ wò axatsɛwo ayi ɖe ɣeɖuƒe
kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.
Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene;
agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse.
Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣli
tso Efraim togbɛwo dzi be,
‘Miva ne miayi Zion,
ɖe Yehowa miaƒe Mawu la gbɔ.’ ”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob,
mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu.
Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be,
‘O Yehowa, ɖe wò amewo,
ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’
Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ
eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome;
ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ.
Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa
ne mekplɔ wo gbɔnae.
Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o,
ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo
eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam.
 
10 “O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya,
miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me.
Ame si kaka Israel gbẽe la,
agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ
eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene!
11 Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle,
eye wòaɖe wo tso ame si sẽ wu wo la ƒe asi me.
12 Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi.
Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye,
bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti.
Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene
eye womagaxa nu azɔ o.
13 Emegbe la, ɖetugbiwo,
ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa
aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ.
Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ
eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe.
14 Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo
eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã
kple nye nu nyui geɖe.”
Yehowae gblɔe.
15 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Wose konyifagbe kple avifafa vevie le Rama,
Rahel le avi fam ɖe viawo ta
eye wògbe be womegafa akɔ na ye o,
elabena viawo megali o.”
16 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ɖo asi wò gbe dzi be magafa avi o,
kple wò ŋkuwo dzi be womagafa aɖatsi o,
elabena fetu li na dɔ si nèwɔ,
woatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi.”
Yehowae gblɔe.
17 Yehowa be,
“Eya ta mɔkpɔkpɔ li na wò etsɔ si gbɔna.
Viwòwo atrɔ ayi ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
Yehowae gblɔe.
 
18 “Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be:
‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene
eye mexɔ tohehe la.
Gaɖom te eye matrɔ agbɔ
elabena wòe nye Yehowa nye Mawu.
19 Esi metra mɔ la,
evem,
metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la,
meƒo akɔta.
Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa
elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’
20 Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃,
vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa?
Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la,
nye ŋkuwo gale eŋuti ko.
Eya ta nye dzi le eyome ɖaa
eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,”
Yehowae gblɔe.
 
21 “Mitu dzesidetiwo
kple mɔfiatiwo ɖe mɔto.
Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu,
mɔ si dzi nèto to eŋu.
O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,
trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me.
22 O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla,
wò vinyɔnu mawɔnuteƒe?
Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi,
nyɔnu aʋli ŋutsu ta.”
23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’ 24 Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa. 25 Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.”
26 Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ.
27 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me. 28 Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe. 29 “Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o.
30 Ke boŋ ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta eye ame si ɖu waintsetse gbogbo la, eyae aɖu anyɔ.”
Nubabla yeye
31 Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔna
esi mabla nu yeye
kple Israel ƒe aƒe
kple Yuda ƒe aƒe.
32 Manɔ abe nu si mebla
kple wo fofowo ene
esi melé woƒe alɔnu be
makplɔ wo do goe le Egipte la ene o.
Elabena wotu nye nubabla
la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,”
Yehowae gblɔe.
33 “Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la
le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe.
“Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me
eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti.
Manye woƒe Mawu,
eye woanye nye dukɔ.
34 Ame aɖeke magafia nu ehavi
alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o,
elabena wo katã woadze sim
tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,”
Yehowae gblɔe.
“Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo
eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.
35 Ale Yehowa gblɔe nye esi,
ame si ɖoe na ɣe
be wòaklẽ le ŋkeke me,
ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo
be woaklẽ le zã me,
ame si blu atsiaƒu
be eƒe tsotsoewo nadze agbo,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
36 Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la,
eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwo
maganye dukɔ le gbɔnye o.”
37 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ne woate ŋu adzidze dziƒo
eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la,
eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔ
le nu siwo katã wowɔ la ta.”
Yehowae gblɔe.
38 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu. 39 Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa. 40 Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”