39
Le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia me la, Babilonia fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe Yerusalem ŋuti, eye wòva ɖe to ɖe du la. Le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, wogbã du la ƒe gli ƒu anyi. Tete Babilonia fia ƒe amegãwo katã va xɔ zi ɖe Domegbo la ƒe mɔnu. Amegãwoe nye: Nergal Sarezer si tso Samgar, Nebo Sarsekim, dɔnunɔlagã ɖeka, Nergal Sarezer, ame deŋgɔ ɖeka, hekpe ɖe Babilonia fia ƒe amegã bubuwo ŋuti. Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba.
Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le. Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viŋutsuwo kple Yuda ƒe ame ŋkutawo katã le eƒe ŋkume. Emegbe wògbã ŋku na Zedekia eye wòtsɔ akɔblikɔsɔkɔsɔ dee be wòakplɔe ayi Babilonia.
Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi. Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia. 10 Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo.
11 Ke azɔ la Babilonia fia, Nebukadnezar, de se sia le Yeremia ŋuti to aʋafia Nebuzaradan dzi be, 12 “Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.” 13 Ale aʋafia, Nebuzaradan, dɔnunɔla, Nebusazban, bubume Nergal Sarezer kple Babilonia fia ƒe amegã bubuwo 14 dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome.
15 Ke esi Yeremia gale dzɔlawo ƒe xɔxɔm ko la, Yehowa ƒe gbe va nɛ be: 16 “Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me. 17 Gake maɖe wò gbe ma gbe eye womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o. Yehowae gblɔe. 18 Maɖe wò agbe elabena ètsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe dzinye. Yehowae gblɔe.’ ”