40
Woɖe asi le Yeremia ŋu
Yehowa ƒe gbe va na Yeremia esi aʋafia Nebuzaradan ɖe asi le eŋu le Rama. Eva ke ɖe Yeremia ŋu wode gae kpe ɖe aboyome siwo wokplɔ tso Yerusalem kple Yuda yina ɖe aboyo mee le Babilonia la ŋu. Esi aʋafia la ke ɖe Yeremia ŋu la, egblɔ nɛ be, “Yehowa, wò Mawu lae gblɔ dzɔgbevɔ̃e sia ɖe teƒe sia ŋu. Ke azɔ la, Yehowa na wòva eme tututu abe ale si wògblɔe la ene. Esia katã va eme elabena mi ame siawo miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe o. Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.” Gake hafi Yeremia natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, “Trɔ yi ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi ame si Babilonia fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ eye nànɔ egbɔ le ameawo dome alo nàyi afi sia afi si nèlɔ.”
Emegbe aʋafia la tsɔ nu hiahiã aɖewo kple nunana aɖe nɛ eye wòɖe asi le eŋu. Ale Yeremia yi ɖe Ahikam ƒe vi, Gedalia gbɔ le Mizpa eye wònɔ egbɔ le ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi la dome.
Wowu Gedalia
Esi asrafowo ƒe amegã siwo le aʋagbedzi se be Babilonia fia tsɔ Ahikam ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi, hetsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, ame siwo nye ame dahewo eye womekplɔ wo yi aboyo mee le Babilonia o la de eƒe dzikpɔkpɔ te la, wova Gedalia gbɔ le Mizpa. Ameawoe nye Ismael, Netania ƒe vi; Yohanan kple Yonatan, Karea ƒe viŋutsuwo; Seraya, Tanhumet ƒe vi; Efai Netofatitɔ viŋutsuwo kple Yazania, Makatitɔ ƒe vi kple wo ŋutimewo. Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, ka atam na wo kple wo ŋutimewo be wòaɖo kpe nu si wòagblɔ la dzi: Egblɔ na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo subɔsubɔ o, mitsi anyigba la dzi eye miasubɔ Babilonia fia, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie. 10 Nye ŋutɔ manɔ Mizpa, be manɔ mia teƒe le Babiloniatɔ siwo va mia gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, mixa wain tsetsewo, dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo eye miɖa ami, miazi wo ɖe amigowo me eye minɔ du siwo míexɔ la me.”
11 Esi Yudatɔ siwo katã le Moab, Amon, Edom kple du bubuwo me se bena Babilonia fia gblẽ ame aɖewo ɖe Yuda eye wòtsɔ Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe wo nu la, 12 wo katã wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi, tso du siwo me wokaka ɖo la heva ƒo ta kpli ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa. Woyi ɖaxa waintsetse gbogbo aɖewo kple dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo.
13 Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo gale gbea dzi la va Gedalia gbɔ le Mizpa 14 eye wogblɔ nɛ be, “Mènya be Amonitɔwo ƒe fia Balis dɔ Netania ƒe vi, Ismael be wòava ɖe wò agbe ɖa oa?” Ke Ahikam ƒe vi, Gedalia mexɔ woƒe nya la dzi se o.
15 Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?”
16 Ke Gedalia, Ahikam ƒe vi, ɖo eŋu na Yohanan, Karea ƒe vi la be, “Mègawɔ nenema o! Nya si gblɔm nèle la nye alakpa nèle dadam ɖe Ismael si.”