48
Gbedeasi tso Moab ŋuti
Tso Moab ŋuti:
 
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
“Baba na Nebo elabena azu aƒedo.
Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe;
woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe.
Womagakafu Moab azɔ o,
ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be,
‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’
O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme.
Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa,
enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli.
Woamu Moab aƒu anyi
eye via suewo afa avi.
Wodze Luhit mɔ dzi le avi fam hehehe.
Wose konyifaɣli le Horonaim mɔ dzi le gbegblẽ la ta.
Misi! Miɖe miaƒe agbe eye mianɔ abe gbe le gbegbe ene.
Esi nèɖo dzi ɖe wò dɔwɔwɔwo
kple wò kesinɔnuwo ŋuti ta la,
woaɖe aboyo wò hã eye woakplɔ Kemos ayi aboyo mee,
kpe ɖe eƒe nunɔlawo kple dumegãwo ŋu.
Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o.
Woagblẽ balimewo eye woakaka towo
elabena Yehowae gblɔe.
Mide dze Moab elabena aƒaƒã eye eƒe duwo azu aƒedo,
ame aɖeke maganɔ wo me o.
 
10 “Aɖi ame si le asi blem le Yehowa ƒe dɔ ŋu!
Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be magakɔ ʋu ɖi o la ŋu!
 
11 “Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke
abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe
tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene;
esia nye be meyi aboyo me kpɔ o.
Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.
12 Yehowa be, ‘Gake ŋkekewo li gbɔna esi maɖo ŋutsu
siwo trɔa nu le gowo me la ɖa
eye woatrɔe aƒu gbe,
woana eƒe gowo naɖi gbɔlo
eye woagbã eƒe kpluwo.
13 Ekema Kemos akpe ŋu na Moab,
abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ
eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’
 
14 “Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo,
kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’
15 Woagbã Moab kple eƒe duwo
eye woakplɔ eƒe ɖekakpui vavãwo ayi ɖe amewuƒee.”
Fia si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.
16 “Moab ƒe anyidzedze tu aƒe,
eƒe dzɔgbevɔ̃e ava kaba.
17 Mi ame siwo katã ƒo xlãe,
mifa nɛ eye ame siwo katã nya
ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be,
‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la
kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’
 
18 “Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba
si ƒu kplakplakpla la dzi,
O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me
elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò
eye wòagbã wò mɔ sesẽwo.
19 Mi ame siwo le Aroer,
mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu.
Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be,
‘Nya kae dzɔ?’
20 Wodo ŋukpe Moab elabena wogbãe gudugudu.
Do ɣli, nàfa avi sesĩe!
Ɖe gbeƒãe le Arnon be wogbã Moab.
21 Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi.
Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi.
22 Eva Dibon, Nebo kple Bet Diblataim dzi.
23 Eva Kiriataim, Bet Gamul kple Bet Meon dzi,
24 Eva Keriyɔt, Bozra kple Moab duwo katã dzi,
esiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa dzi.
25 Wolã Moab ƒe dzo ɖa, woŋe eƒe abɔ.”
Yehowae gblɔe.
 
26 “Mina aha Moab wòano amu,
aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me,
eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
27 Ɖe menye Israel ye nye wò alɔmeɖenu oa?
Ɖe wolée le fiafitɔwo dome kpɔ hafi ne èle nu ƒom
tso eŋu la, nèʋuʋua ta fewuɖutɔea?
28 Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me,
miayi aɖanɔ agakpewo tome.
Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.”
 
29 Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo,
ɖokuidzadzra kple amemabumabu
kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi.
30 Menya eƒe tonumasemase gake toflokoe,
elabena eƒe dada vivivo mahe naneke vɛ nɛ o.
31 Eya ta mado ɣli ɖe Moab ŋu
eye mafa avi ɖe Moab blibo ŋu.
Mefa na Kir Hareset ŋutsuwo.
32 O, mi Sibma wainkawo,
mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene.
Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi
eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke.
Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo
kple wò wainkpowo dzi.
33 Dzidzɔ kple aseyetsotso nu
tso le Moab ƒe agblewo me.
Metsi wain nu le wainfiamɔwo me,
ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o.
Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la,
menye dzidzɔɣlie o.
 
34 “Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon,
yi Eleale kple Yahaz ke.
Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim,
Eglat Selisia gɔ̃ hã,
elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie.
35 Maɖo asi ame siwo sa vɔ le nuxeƒewo
eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na
woƒe mawuwo la dzi le Moab.”
Yehowae gblɔe.
36 Yehowa be, “Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ŋu abe dzekuku ene,
eye nye dzi xa nu abe kpẽ ene na Kir Hareset ŋutsuwo,
elabena kesinɔnu siwo woli kɔe la dzo.
37 Wolũ ta ɖe sia ɖe eye woƒlɔ ge ɖe sia ɖe,
wode abi asi ɖe sia ɖe ŋu eye akpanya le ali ɖe sia ɖe dzi.
38 Le Moab ƒe xɔwo katã tame
kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o,
elabena megbã Moab abe kplu si
ame aɖeke mele didim o la ene.”
Yehowae gblɔe.
39 “Wogbãe gudugudu loo!
Wole ɣli dom ale gbegbe!
Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee nye esi!
Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na
ame siwo katã ƒo xlãe.”
40 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba,
keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi.
41 Woaxɔ Keriyɔt kple eƒe mɔ sesẽwo.
Gbe ma gbe la, Moab ƒe Kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ
abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
42 Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o,
elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
43 O, Moabtɔwo, ŋɔdzi,
ʋe globo kple mɔka le mia lalam.”
Yehowae gblɔe.
44 “Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me,
mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me,
elabena mahe toheɣi va Moab dzi.”
Yehowae gblɔe.
 
45 “Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe,
elabena dzo tso Hesbon
eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina,
efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu,
dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo.
46 Baba na wò, O Moab!
Wotsrɔ̃ Kemostɔwo,
wokplɔ mia viŋutsuwo yi aboyo mee
eye woɖe aboyo mia vinyɔnuwo.
 
47 “Ke hã la, magaɖo Moab ƒe nunyonamewo te
le ŋkeke siwo ava la me.”
Yehowae gblɔe.
Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ se ɖe afi sia.