49
Gbedeasi tso Amon ŋuti
Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti:
 
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Viŋutsuwo mele Israel si oa?
Domenyilawo mele esi oa?
Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ?
Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?”
Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe,
Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu.
Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe
siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo.
Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,”
Yehowae gblɔe.
“O Hesbon, fa avi kple ɣli,
elabena wogbã Ai!
Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo!
Mita akpanya ne miafa konyi;
miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me,
elabena Molek ayi aboyo me,
kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti.
Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom,
adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me?
O vinyɔnu ahasitɔ,
èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be,
‘Ame kae adze dzinye?’
Mahe ŋɔdzi va dziwò tso ame siwo ƒo xlã wò la gbɔ.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
“Woanya mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa
eye ame aɖeke maƒo aʋasilawo nu ƒu o.
 
“Gake emegbe la, magaɖo Amonitɔwo ƒe nunyonamewo te.”
Yehowae gblɔe.
Gbedeasi tso Edom ŋuti
Ku ɖe Edom ŋuti:
 
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Nunya megale Teman oa?
Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia?
Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?
Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi,
miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me,
elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi,
ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ.
Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la,
ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa?
Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la,
ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?
10 Gake nye la, maɖe amama Esau,
mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be
mate ŋu aɣla eɖokui o.
Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃
eye womaganɔ anyi o.
11 Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi,
maʋli woƒe agbe ta.
Miaƒe ahosiwo hã neda woƒe susu ɖe dzinye.”
12 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.” 13 Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.”
14 Mexɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ:
Wodɔ dɔla aɖe ɖe dukɔwo gbɔ be wòagblɔ be,
“Miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miadze edzi!
Mitso, midze aʋa!”
 
15 “Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome
eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.
16 Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò,
wò si le agakpewo tome,
eye nèle togbɛwo tame ke.
Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la,
mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,”
Yehowae gblɔe.
17 “Edom azu ŋɔdzinu,
ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa
eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta.
18 Anɔ abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora
kple du siwo ƒo xlã wo la ene
ale be ame aɖeke manɔ afi ma o,
ŋutsu aɖeke manɔ eme o.”
Yehowae gblɔe.
 
19 “Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka,
abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me
gena ɖe gbe damawo dzi ene.
Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia?
Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim?
Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”
 
20 Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti,
kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu:
Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me,
agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.
21 Woƒe anyidzedze ƒe gbeɖiɖi ana anyigba naʋuʋu;
eye woase woƒe aviɣli le Ƒu Dzĩ nu ke.
22 Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi,
eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi.
Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ
abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Gbedeasi tso Damasko ŋuti.
23 Tso Damasko ŋuti:
“Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa,
elabena wose nya vɔ̃.
Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene.
24 Damasko zu nu beli,
vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ,
elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe
abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene.
25 Nu ka ta womegblẽ du xɔŋkɔ
si ŋu mekpɔa dzidzɔ le la ɖi o?
26 Via ŋutsuwo aku, atsi mɔtatawo dzi le nyateƒe me,
eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo katã nu gbe ma gbe.
27 Matɔ dzo Damasko ƒe gliwo
eye wòafia Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.”
Yehowae gblɔe.
Gbedeasi na Kedar kple Hazor
28 Nya sia ku ɖe Kedar kple Hazor fiaɖuƒe siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar va dze la ŋu:
 
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Tso, nàdze Kedar dzi eye nàtsrɔ̃ ɣedzeƒetɔwo.
29 Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo
eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo
kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo.
Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’
 
30 “Misi dzo kaba!
Mi ame siwo le Hazor,
mibe ɖe agado goglowo me.”
Yehowae gblɔe.
“Babilonia fia Nebukadnezar ɖo nugbe ɖe ŋuwò,
ewɔ ɖoɖo be wòagblẽ wò.
 
31 “Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi.
Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o
eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.”
Yehowae gblɔe.
32 “Woƒe kposɔwo azu nuhaha
eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu.
Makaka ame siwo le didiƒewo,
be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va
wo dzi le go sia go me.”
Yehowae gblɔe.
33 “Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo
eye wòazu aƒedo tegbetegbe.
Ame aɖeke manɔ afi ma o;
aƒe aɖeke manɔ eme o.”
Gbedeasi na Elam
34 Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia ku ɖe Elam ŋuti, nya sia va nɛ le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedze ƒe ɣeyiɣiwo me:
 
35 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe da,
si nye eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe.
36 Makplɔ ya eneawo tso dziƒo
ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam.
Makaka wo ɖe ya eneawo dzi
eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me
womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o.
37 Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume,
eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,”
Yehowae gblɔe.
“Mati wo yome kple yi va se ɖe
esime matsrɔ̃ wo katã.
38 Maɖo nye zikpui anyi ɖe Elam
eye matsrɔ̃ eƒe fia kple dumegãwo.”
Yehowae gblɔe.
 
39 “Ke hã la, magaɖo Elam ƒe nunyonamewo te le
ŋkeke siwo gbɔna me.”
Yehowae gblɔe.