50
Gbedeasi tso Babilonia ŋuti
Esia nye nya si Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi ku ɖe Babilonia kple Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋuti:
“Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome,
mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe;
migagbe nya la katã gbɔgblɔ o,
ke boŋ migblɔ be,
‘Woaxɔ Babilonia,
ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie.
Woado ŋukpe eƒe legbawo
eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’
Dukɔ si tso anyiehe la ava dze edzi
eye wòagblẽ eƒe anyigba keŋkeŋ.
Ame aɖeke manɔ edzi o,
amewo kple lãwo siaa asi adzo.”
 
Yehowa be,
“Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me la,
Israelviwo kple Yudatɔwo siaa awɔ ɖeka ava Yehowa,
woƒe Mawu la gbɔ kple avi.
Woabia Zion ƒe mɔ ta ase
eye woatrɔ woƒe mo ɖo ɖe egbɔ.
Woava eye woabla nubabla mavɔ kple Yehowa,
nubabla si womaŋlɔ be akpɔ o.
 
“Nye dukɔ le abe alẽ tatrawo ene,
woƒe kplɔlawoe kplɔ wo trae
eye wona wole tsatsam le towo dzi.
Wole tsaglãla tsam le towo kple togbɛwo dzi
eye woŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe be.
Ame sia ame si ke ɖe wo ŋu la vuvua wo;
woƒe futɔwo gblɔ be,
‘Míedze agɔ o, elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa,
woƒe lãnyiƒe vavã,
kple Yehowa wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti?’
 
“Misi do go le Babilonia,
midzo le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi
eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene,
elabena made adã ta me na dukɔ
siwo le anyiehenyigba dzi ɖe Babilonia ŋu
eye woawɔ ɖeka aho ɖe eŋu.
Woava aƒu asaɖa anyi ɖe eŋu
eye woava lée tso anyiehe gome.
Woƒe aŋutrɔwo magbɔ ƒuƒlu o,
elabena woanɔ abe ame siwo bi ɖe
aʋawɔwɔ me la tɔwo ene.
10 Ale Babilonia azu nuhaha
eye ame siwo hae la akpɔ afunyinuwo fũu.”
Yehowae gblɔe.
 
11 “Esi mi ame siwo nye avuzi le nye domenyinu dzi,
kpɔ dzidzɔ, hetso aseye eye esi mieti kpo
abe nyinɔvi si le bli nyɔm ene,
hexlɔ̃ abe sɔtsuwo ene ta la,
12 Ŋukpe gã aɖe ava mia dada dzi
eye ame si dzi mi, woado vloe.
Anye suetɔ le dukɔwo dome, azu gbegbe,
kuɖiɖinyigba kple dzogbe.
13 Le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ ta la,
ame maganɔ eme o, ke boŋ azu aƒedo.
Ame sia ame si to Babilonia ŋu yi la ƒe nu aku
eye woaɖu fewu le woƒe abixɔxɔwo katã ta.
 
14 “Mi ame siwo daa aŋutrɔ,
midze aʋa ɖe Babilonia ŋu.
Mida aŋutrɔe!
Midae, ɖeke megasusɔ o,
elabena ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.
15 Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta!
Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi
eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi.
Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e;
miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene.
16 Mitsrɔ̃ nukuƒãla kple nuŋela
kple eƒe nuŋehɛ siaa le Babilonia le nuŋeɣi.
Le nugblẽla ƒe yi ta la,
ame sia ame netrɔ yi eya ŋutɔ ƒe amewo gbɔ,
eye ame sia ame nesi yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
 
17 “Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe.
Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia
ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae
nye Babilonia fia Nebukadnezar.”
18 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
“Mahe to na Babilonia fia kple eƒe anyigba
abe ale si mehe to na Asiria ene.
19 Ke matrɔ Israel agbɔe va eya ŋutɔ
ƒe gbe dama dzi, aɖu gbe le Karmel
kple Basan eye akpɔ ƒoɖiɖi le Efraim
kple Gilead togbɛwo dzi.”
20 Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me,
woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze
gake womakpɔ ɖeke o
eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo
gake womakpɔ ɖeke o,
elabena matsɔe ake ame susɔe
siwo megblẽ ɖi.”
 
21 Yehowa be,
“Wɔ avu kple Merataim kple ame siwo le Pekod.
Ti wo yome, wu wo eye nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ.
Wɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò.
22 Aʋaɣli le anyigba dzi, eye gbegblẽ gã si
le edzi yim la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim.
23 Aleke woŋe, eye wohekaka anyigba blibo la ƒe zu ale!
Aleke Babilonia zu gbegbe le dukɔwo dome ale!
24 O Babilonia, metre mɔ na wò
eye mɔ ɖe wò hafi nèva nya gɔ̃ hã.
Woke ɖe ŋuwò eye wolé wò
elabena ètsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
25 Yehowa ʋu eƒe aʋawɔnuwo ƒe ʋɔ
eye wòɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe aʋawɔnu do goe,
elabena dɔ le Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ŋu wòawɔ le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.
26 Mitso adzɔge miava ƒo ɖe edzi.
Migbã eƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo,
milɔe ƒo ƒu abe ale si wolia kɔ agblemenukuwo ene.
Mitsrɔ̃e keŋkeŋ eye migasusɔ ame ɖeka hɔ̃ɔ hã ɖi o.
27 Miwu eƒe nyitsu viwo katã;
mikplɔ wo yi lãwuƒee!
Baba na wo! Elabena woƒe ŋkeke la ɖo,
ɣeyiɣi la de na wo be woaxɔ tohehe.
28 Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo
kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm
wole le Zion tso ale si Yehowa,
míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe,
ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
 
29 “Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ,
ne woaɖe to ɖe Babilonia,
ame siwo katã hea da me la neva.
Miva ɖe to ɖee godoo va kpe,
migana ame aɖeke nasi o.
Mixe nu siwo katã wòwɔ la ƒe fe nɛ,
miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene.
Elabena edze aglã ɖe Yehowa,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
30 Eya ta eƒe ɖekakpuiwo aku akaka ɖe mɔtatawo dzi
eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo nu gbe ma gbe.”
Yehowae gblɔe.
31 Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ be,
“Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋutiwò, O dadala,
elabena wò ŋkeke la va ɖo, wò toheɣi ɖo.
32 Dadala la akli nu adze anyi
eye ame aɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o.
Matɔ dzo eƒe duwo eye dzo la afia
ame siwo katã ƒo xlãe la hã.”
33 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:
“Wote Israelviwo kple Yudatɔwo siaa ɖe anyi.
Ame siwo katã ɖe aboyo wo la lé wo goŋgoŋ,
eye wogbe asiɖeɖe le wo ŋu.
34 Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba,
gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.”
 
35 Yehowa be, “Yi le Babiloniatɔwo yome!
Etso ɖe ame siwo le Babilonia,
woƒe dumegãwo kple woƒe nunyalawo ŋuti!
36 Yi atso ɖe eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu
eye woazu bometsilawo.
Yi ati woƒe kalẽtɔwo yome
eye ŋɔdzi alé wo!
37 Yi atso ɖe eƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple amedzro
siwo katã wotsɔ aʋae la ŋuti
eye woanɔ abe nyɔnuwo ene!
Yi atso ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu
eye woaha wo!
38 Kuɖiɖi neto eƒe tɔsisiwo me,
ne woamie ƒiaƒiaƒia,
elabena enye anyigba si yɔ fũu kple legbawo,
legba siwo adze aɖaʋa le ŋɔdzi ta.”
 
39 Yehowa be, “Ava eme be lã wɔadãwo
kple amegaxiwo anɔ afi ma,
eye golowo hã atso aƒe ɖe afi ma.
Maganye amenɔƒe alo amewo magatso aƒe ɖi akpɔ o,
tso dzidzime yi dzidzime.
40 Anɔ ko abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora
kple du siwo ƒo xlã wo lae ene,
ale be ame aɖeke magatso aƒe ɖi o
eye ame aɖeke manɔ afi ma hã o.”
 
41 “Kpɔ ɖa! Aʋakɔ aɖe ho tso anyiehe gbɔna,
wode adã ta me na dukɔ gã aɖe
kple fia gbogbo aɖewo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke gbɔna.
42 Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ.
Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o.
Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la,
woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene.
Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be
woava akpe aʋa kpli wò,
Oo, Babilonia vinyɔnu.
43 Babilonia fia se nya tso wo ŋu xoxo eye eƒe lãme fa.
Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
44 Abe dzata si do go tso Yɔdan ƒe ave dodo me,
hege ɖe gbe dama nyui dzi ene la,
nenema maɖe Babilonia ɖe nu tso
eƒe anyigba dzi zi ɖeka kpoyi!
Ame kae nye ame tiatia si madɔ wòawɔ esia?
Ame kae le abe nye ene eye ame kae ate ŋu
anɔ te ɖe nunye?
Alẽkplɔla ka ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋunye?”
 
45 Eya ta se nu si Yehowa ɖo ɖe Babilonia ŋu
kple nu si ƒe susu wòwɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋu:
Woakplɔ lãha ƒe suetɔwo adzoe,
agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.
46 Babilonia xɔxɔ ƒe ɣli ana anyigba naʋuʋu,
eye eƒe aviɣli aɖi le dukɔwo dome.