51
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, maʋã nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ ɖe Babilonia
kple ame siwo le Leb Kamai ŋuti.
Madɔ amedzrowo ɖo ɖe Babilonia be
woagbɔe abe lu ene, eye woatsrɔ̃ eƒe anyigba.
Woatsi tsitre ɖe eŋu le go sia go me le
eƒe gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
Mègana woƒe aŋutrɔdala nagahe eƒe dati me
alo atsɔ eƒe akpoxɔnu ado o.
Mègakpɔ nublanui na eƒe ɖekakpuiwo o,
ke boŋ tsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la keŋkeŋkeŋ.
Woadze anyi aku ɖe Babilonia
eye woaxɔ abi vevie le eƒe ablɔwo dzi.
Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu la
Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o,
togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũu
kple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã.
 
“Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe!
Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o.
Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia,
axe fe si dzee la nɛ.
Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me,
eye wòna xexea me katã mu aha.
Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa.
Babilonia adze anyi kpata,
eye woagbã gudugudu.
Fa avi sesĩe ɖe eta!
Di dɔyɔmi na eƒe vevesese,
ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ.
 
“ ‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia,
gake womate ŋu ayɔ dɔe o;
mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me,
agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo,
eye wòkɔ abe lilikpo ene.’
 
10 “ ‘Yehowa tso afia na mí, miva,
míaɖe gbeƒã nu si Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ le Zion.’
 
11 “Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo!
Yehowa de adã ta me na Media fiawo
elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia.
Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
12 Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu!
Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo,
miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe,
eye mina amewo nade xa ɖi na wo.
Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi,
awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi.
13 Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to
eye kesinɔnu geɖewo le mia si,
miaƒe nuwuwu ɖo,
ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi,
14 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ta eɖokui ƒe agbe be:
Mana amewo nayɔ mewò fũu
abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene,
eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò.
 
15 “Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae;
eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me,
eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee. 16 Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe
eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke.
Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa
eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
 
17 “Amegbetɔwo katã nye movitɔwo
eye nunya mele tagbɔ na wo o.
Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ.
Eƒe legbawo nye beble
elabena agbe mele wo me o.
18 Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye,
ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
19 Ke ame si nye Yakob ƒe gome la
mele abe esiawo ene o,
elabena eyae nye nuwo katã wɔla
eye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
 
20 “Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam,
wòe metsɔ kaka dukɔwoe,
wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe.
21 Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae,
wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae.
22 Wòe metsɔ kaka ŋutsu kple nyɔnue;
wòe metsɔ kaka ame tsitsiwo kple sɔhɛwoe,
wòe metsɔ kaka ɖekakpui kple ɖetugbie.
23 Wòe metsɔ kaka alẽkplɔla kple alẽha lae,
wòe metsɔ kaka agbledela kple eƒe nyiwoe
eye wòe metsɔ kaka mɔmefiawo kple woƒe dɔdzikpɔlawoe.
24 “Le miaƒe ŋkume maxe fe na Babilonia kple Babilonianɔlawo katã, ɖe nu gbegblẽ siwo katã wova wɔ le Zion la ta.” Yehowae gblɔe.
25 Yehowa be, “Metso ɖe ŋuwò,
O, wò to nugblẽla,
wò si gblẽ xexea me katã.
Mado nye asi ɖe gbɔwò,
atu asi wò nàmli age tso to dzi adze anyi
eye mawɔ wò abe to si dzo bi la ene.
26 Womagaɖe kpe aɖeke le mewò atsɔ wɔ dzogoedzikpe
alo gɔmeɖokpee o elabena àzu gbegbe tegbee.”
Yehowae gblɔe.
 
27 “Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi!
Ku kpẽ la le dukɔwo dome!
Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii.
Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu,
Ararat, Mini kple Askenaz.
Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ
abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu.
28 Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii.
Media fiawo, woƒe dziɖulawo,
woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔ
siwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii.
29 Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya
elabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be,
wòado gbegbe Babilonianyigba ale be
ame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o.
30 Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ
eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me.
Ŋusẽ vɔ le wo ŋu,
eye wole ko abe nyɔnuwo ene.
Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo
eye woŋe eƒe agbometiwo.
31 Duƒula kplɔ duƒula ɖo
eye dɔtsɔla kplɔ dɔtsɔla ɖo ne
woaɖagblɔ na Babilonia fia be, woxɔ eƒe du la
32 kple tɔtsoƒewo hetɔ dzo simenyigba
eye ŋɔdzi lé asrafoawo.”
33 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
“Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene;
eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.”
 
34 “Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí,
de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele
abe tsizɔ ƒuƒluwo ene.
Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui,
emegbe etu mí ƒu gbe.
35 Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi.
Zion nɔlawoe gblɔe.”
“Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi. ”
Yerusalemtɔwoe gblɔe.
36 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò.
Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia
eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla.
37 Babilonia azu anyiglago,
amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu,
teƒe si ame maganɔ akpɔ o.
38 Eƒe amewo katã le gbe ɖem abe dzatawo ene
eye wole gbe tem abe dzataviwo ene.
39 Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la,
maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha,
ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa,
emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.”
Yehowae gblɔe.
40 “Mana woakplɔ wo vɛ abe alẽviwo,
agbowo kple gbɔ̃wo ene ayi wuwu ge.
 
41 “Aleke woahalé Sesak eye asi asu anyigba blibo la ƒe adegbeƒola dzi!
Aleke Babilonia azu ŋɔdzinu le dukɔwo dome!
42 Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzi
eƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi.
43 Eƒe duwo azu aƒedo, kuɖiɖinyigba,
dzogbenyigba kple anyigba si dzi ame maganɔ
alo mɔzɔla aɖe nato ayi o.
44 Mahe to na Bel le Babilonia
eye mana wòaɖe nu si wòmi.
Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ o
eye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi.
 
45 “Nye amewo, mido le wo dome!
Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe!
Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu.
46 Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi,
ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale,
ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi,
eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la,
dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o.
47 Elabena ɣeyiɣi li gbɔna, esi mahe to
na Babilonia legbawo godoo
eye ŋukpe alé eƒe anyigba blibo la
ale be eƒe Ame tsiaʋawo akaka ɖe anyigba blibo la dzi.
48 Ekema dziƒo kple emenuwo
kple anyigba kple edzinuwo katã ado ɣli
kple dzidzɔ ɖe Babilonia ŋu,
elabena nugblẽlawo atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi.”
Yehowae gblɔe.
 
49 “Abe ale si Israel kple anyigba bubuwo dzi
tɔwo tsi aʋae le Babilonia ta ene la,
nenema wòle na eya hã be wòamu adze anyi.
50 Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o!
Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzi
eye mibu Yerusalem ŋu.”
 
51 “Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí
eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo,
elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa
ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.”
 
52 Yehowa be,
“Gake ŋkekewo li gbɔna esi mahe to na
eƒe legbawo eye abixɔlawo anɔ ŋeŋem le
eƒe anyigba blibo la dzi.
53 Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli,
eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la,
madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.”
Yehowae gblɔe.
 
54 “Avi le ɖiɖim tso Babilonia,
gbegblẽ ƒe ɣli gã aɖe le ɖiɖim
tso Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.
55 Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu.
Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbee
ne ƒu dze agbo ene la,
nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi.
56 Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo,
ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu,
nuteƒeɖolae nye Yehowa,
aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ.
57 Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha,
nenema kee nye woƒe dziɖulawo,
dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa;
woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.”
Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
58 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudu
eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la,
emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔ
eye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zu
ami si kɔm wole ɖe dzoa me.”
59 Esia nye gbedeasi si Yeremia tsɔ na dɔnunɔlagã Seraya, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, esi wòyi ɖe Babilonia kple Yuda fia Zedekia, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. 60 Yeremia ŋlɔ gbegblẽ siwo katã ava Babilonia dzi la ɖe lãgbalẽ dzi eye wonye nyaŋlɔɖiwo tso Babilonia ŋuti. 61 Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia. 62 Emegbe nàgblɔ be, ‘O Yehowa, ègblɔ be yele teƒe sia tsrɔ̃ ge ale gbegbe be amegbetɔwo alo lãwo manɔ anyi o; azu aƒedo tegbetegbee.’ 63 Ne èxlẽ lãgbalẽ sia me nyawo vɔ la, tsɔ kpe bla ɖe lãgbalẽ la ŋuti eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Frat tɔsisi la me. 64 Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’ ”
Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii.