21
Hiob ƒe nuƒo
Hiob ɖo nya ŋu nɛ be,
“Ɖo to nyuie nàse nye nyawo,
esia nenye akɔfafa si nànam.
Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu eye ne meƒo nu vɔ la,
miate ŋu ayi miaƒe alɔmeɖeɖe dzi.
 
“Amegbetɔe mele konyi fam na?
Nu ka ta nyemagbe dzigbɔɖeanyi o?
Mikpɔm ɖa, ne miaƒe mo
nawɔ yaa eye miaƒu asi nu.
Ne mebu nu sia ŋuti la ŋɔ dziam
eye nye ameti blibo la medzona nyanyanya.
Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe, tsina,
kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo?
Wonɔa agbe, kpɔa wo viwo lia ke heƒoa xlã wo
eye woƒe dzidzimeviwo tsina le wo ŋkume.
Woƒe aƒewo me le dedie,
wovo tso vɔvɔ̃ ƒe asi me eye Mawu ƒe
ameƒoti mevaa wo dzi o.
10 Woƒe nyitsuwo megbea asiyɔyɔ o,
woƒe nyinɔwo dzia vi eye fu megena le wo ƒo o.
11 Woɖea wo viwo doa goe abe lãha ene
eye wo vi suewo nɔa fefem henɔa ɣe ɖum.
12 Wodzia ha ɖe asiʋuiwo kple kasaŋkuwo ŋu
eye wotua aglo ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu.
13 Woɖua woƒe ƒewo le dzidzedzekpɔkpɔ me
eye woyia yɔ me le ŋutifafa me
14 gake wogblɔna na Mawu be,
‘Ɖe asi le mía ŋu!
Medzro mí be míanya wò mɔwo o.
15 Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe?
Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’
16 Evɔa woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔ ƒe asi me o,
eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.
 
17 “Ke hã la, zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina?
Zi nenie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi,
esi nye nu si Mawu ɖo ɖi na wo le eƒe dziku me?
18 Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu
alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?
19 Wogblɔ be, ‘Mawu ɖo amegbetɔ ƒe tohehe ɖi na via ŋutsuwo.’
Anyo be wòahe to na amea ŋutɔ,
ne wòanya nu si wònye!
20 Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ,
eye wòano Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoekplu
21 elabena ɖe wòtsɔ ɖe le eme na ƒometɔ
siwo wògblẽ ɖe megbe esi ɣleti
siwo woɖo ɖi nɛ la wu nua?
 
22 “Ɖe ame aɖe ate ŋu afia gɔmesese Mawu,
esi wònye eyae drɔ̃a ʋɔnu ame kɔkɔtɔ gɔ̃ hã?
23 Ame aɖe ku esi eƒe agbe ɖo vivime,
wòle dedinɔnɔ me eye wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,
24 eƒe ŋutilã kpɔ nunyiame nyuitɔ
eye ƒutomemi yɔ eƒe ƒuwo me fũu.
25 Ame bubu ku le eƒe luʋɔ ƒe nuxaxa me
eye mese vivi na nu vivi aɖeke kpɔ o.
26 Ke wo ame evea mlɔ kasanu le ke me,
eye ŋɔviwo ɖi ba ɖe wo kple evea dzi.
 
27 “Menya nu siwo susum miele la nyuie
kple nu vɔ̃ɖi siwo ɖom miele be miadze agɔ le dzinye.
28 Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le
eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’
29 Miebia gbe mɔzɔlawo kpɔ oa?
Mietsɔ ɖeke le woƒe nuteƒekpɔkpɔ
si wogblɔ fia mi la me be
30 woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe,
eye woɖenɛ le dzikugbe oa?
31 Ame kae ɖe eƒe agbe vlo si nɔm wòle la ɖe mo nɛ kpɔ?
Ame kae ɖoa nu tovo si wòwɔ la teƒe nɛ?
32 Wokɔnɛ yia yɔdo gbɔe
eye wodzɔa eƒe yɔdokpe ŋu.
33 Ke siwo le balime la vivi enu, amewo katã dze eyome
eye ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la dze ŋgɔ nɛ.
 
34 “Eya ta aleke miate ŋu awɔ atsɔ
miaƒe bometsinyawo afa akɔ nam mahã?
Naneke mele miaƒe nyaŋuɖoɖowo me wu alakpa o!”