22
Elifaz ƒe nuƒo
Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be,
“Ɖe ame anye viɖenu na Mawua?
Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa?
Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe?
Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o?
 
“Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò
hetsɔ nya ɖe ŋuwòa?
Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa?
Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa?
Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe
eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama.
Mèna tsi ame siwo nu ti kɔ na la wono o
eye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo,
evɔ nèhenye ŋusẽtɔ,
anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi,
bubu le ŋuwò.
Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu
eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa.
10 Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖo
eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò
11 eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o
eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo.
 
12 “Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa?
13 Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya?
Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?
14 Lilikpo dodowo xe eŋkume
eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam
le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’
15 Ɖe nàgalé mɔ xoxo si dzi
ame vɔ̃ɖiwo zɔ va yi la me ɖe asia?
16 Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de
eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe.
17 Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu!
Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’
18 Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu,
eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.
19 Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo,
ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be,
20 ‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã
eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’
 
21 “Tsɔ ɖokuiwò na Mawu
eye nànɔ ŋutifafa me kplii,
to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi.
22 Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ
eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me
23 Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te.
Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ,
24 eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me,
tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la,
25 ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sika
kple klosalo nyuitɔ.
26 Ekema le nyateƒe me la,
Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wò
eye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu.
27 Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wò
eye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ.
28 Nu si nèɖo la, ava eme na wò
eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.
29 Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi,
eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’
la, ekema woafɔ ame siwo wote
ɖe anyi la ɖe dzi.
30 Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le gɔ̃ hã,
ame si woaɖe to wò asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me.”