23
Hiob ƒe nuƒo
Tete Hiob ɖo eŋu be,
“Egbe gɔ̃ hã nye konyifafa do gã ɖe edzi,
eƒe asi sẽ ɖe dzinye,
evɔ mele hũu ɖem hafi.
Nenye ɖe manya afi si makpɔe le,
nenye ɖe mayi enɔƒe la, anyo ŋutɔ!
Matsɔ nye nya aɖo eŋkume eye nye nu me ayɔ fũu
kple nya siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nu
Ne makpɔ ale si wòaɖo eŋu nam
eye mabu nya si wòagblɔ la ŋuti.
Ɖe wòatsi tsitre ɖe ŋunye kple ŋusẽ gã aɖea?
Ao, ke boŋ aɖo tom
Afi ma ame dzɔdzɔe ate ŋu atsɔ eƒe nyawo aɖo eŋkume le
eye woaɖem tegbee tso nye ʋɔnudrɔ̃la ƒe asi me.
 
“Gake ne meyi ɣedzeƒe la, mele afi ma o,
ne meyi ɣetoɖoƒe la, nyemekpɔe le afi ma hã o.
Ne ele dɔ wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o,
ne etrɔ ɖe dziehe hã la, nye ŋku melɔnɛ o.
10 Gake enya mɔ si dzi mele, ne edom kpɔ la,
mato eme abe sika ene.
11 Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli,
melé eƒe mɔ tsɔ eye nyemedze ɖe aga o.
12 Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o,
mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu
wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.
 
13 “Ke eya ɖekae li, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ?
Nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna.
14 Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye
eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye.
15 Esia ta ŋɔ dzim le eŋkume
eye ne mebu esiawo katã ŋuti la, mevɔ̃na nɛ.
16 Mawu na dzi ɖe le ƒonye,
Ŋusẽkatãtɔ la do ŋɔdzi nam.
17 Ke hã la, viviti la alo blukɔ tsiɖitsiɖi
si tsyɔ mo nam la mena ɖoɖoe zi le nunye o.