24
“Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la
meɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o?
Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔm
na ŋkeke siawo dzodzro?
Amewo ɖea liƒokpewo ɖa,
wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee.
Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonae
eye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene.
Wotutua asi hiãtɔwo ɖa le mɔƒome
eye wozia ame dahe siwo katã
le anyigba dzi la dzi be woasi abe.
Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim
abe gbetedziwo le gbegbe ene
eye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo.
Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwo
eye wofɔa nuku siwo ge la le
ame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me.
Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã me
eye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o.
Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi,
wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o.
Woɖea tsyɔ̃evi le no nu
eye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu.
10 Esi wònye avɔ mele wo si o ta la,
wole yiyim amama,
wolé lu bablawo ɖe ta,
evɔ dɔ le wo wum.
11 Wole amiti ƒe ku tum le te dzi,
wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum.
12 Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ
eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli
dom be woaxɔ na yewo,
gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o.
 
13 “Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu,
ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o.
14 Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo,
le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene
15 Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam,
egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’
eye wòɣlaa eƒe mo.
16 Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ,
gena ɖe aƒewo me
gake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu
elabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o.
17 Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene
eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo.
 
18 “Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ,
woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome
ale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o.
19 Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe
si lolõ la dzonae ene la,
nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa
nu vɔ̃ la hã dzonae.
20 Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo,
womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o,
ke boŋ woŋena abe atilɔ ene.
21 Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwo
eye womekpɔa nublanui na ahosiwo o.
22 Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ.
Togbɔ be woli ke hã la,
kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o.
23 Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie
gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.
24 Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe,
tete wo nu va yina,
woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokuna
abe bubuawo katã ko ene ale woŋea wo
abe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene.
 
25 “Ne mele alea o la,
ame kae aɖe aʋatso nam
eye wòana nye nyawo nazu tofloko?”