35
Tete Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be,
“Èsusu be esia le dzɔdzɔea?
Ègblɔ be, ‘Mawu atso afia nam’
gake nèhele ebiam be,
‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔ
le eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’
 
“Medi be maɖo eŋu na wò
kple xɔ̃wò siwo le gbɔwò.
Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa,
le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme
Ne èwɔ nu vɔ̃ la, nu ka wòawɔ le eŋu?
Ne wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu la,
nu ka wòagblẽ le eŋu?
Ne ènye dzɔdzɔetɔ la, nu kae nètsɔ nɛ,
alo nu kae wòxɔ tso asiwò me?
Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖo
eye amegbetɔviwo ko dzie wò
dzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo.
 
“Amewo le ɣli dom le teteɖeanyi
ƒe agba kpekpewo te,
wole kuku ɖem be woana gbɔdzɔe yewo tso
Ŋusẽtɔ la ƒe alɔ sesẽ te
10 gake ɖeke mebia be, ‘Afi ka Mawu,
nye Wɔla, ame si nana kafuhawo ɖina le zã me,
11 ame si fiaa nu geɖewo mí,
wu gbemelã siwo le anyigba dzi
eye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’
12 Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o,
le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta.
13 Vavã, Mawu meɖo to woƒe kokoƒoƒo gbɔlo la o
eye Ŋusẽkatãtɔ la do toku wo.
14 Ne meɖo to emawo o la,
aleke wòaɖo to esia ya boŋ esi nègblɔ be,
mele ekpɔm o, wò nya la le eƒe asi me,
eye ele be nàlalae.
15 Gawu la, egblɔ be eƒe dziku mehea to na ame gbeɖe o
eye menyea kɔ kpɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã o.
16 Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowo
eye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele o
la kɔ ɖi gleglegle.”