36
Elihu yi edzi be,
“Kpɔ nye asinu vie eye maɖee afia wò
be nya geɖewo li magblɔ ɖe Mawu nu.
Mexɔa nye gɔmesese tso afi aɖeke ɖaa,
eya ta matso na nye Wɔla.
Kakaɖedzi nenɔ asiwò be,
nye nyawo menye aʋatso o
eya ta ame si si gɔmesese deto le lae le gbɔwò.
 
“Mawu nye Ŋusẽtɔ,
etri akɔ eye meʋãna le eƒe taɖodzinu me o
gake medoa vlo amewo o.
Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o,
ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo.
Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o,
eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xa
eye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe.
Ke ne wode ga amewo,
hebla wo sesĩe kple hiã ƒe kawo la,
egblɔa nu si wowɔ la na wo,
esi nye be wowɔ nu vɔ̃ dadatɔe.
10 Enana woɖoa to ɖɔɖɔɖo eye wòɖea gbe na wo be
woatrɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi la me.
11 Ne woɖo to eye wosubɔe la,
woanɔ woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le nukpɔkpɔ me
eye woƒe ƒewo ayɔ fũu kple dzidzeme.
12 Ke ne womeɖo to o la,
yi atsrɔ̃ wo eye woaku numanyamanyae.
 
13 “Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo,
ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la,
womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o.
14 Wokuna le woƒe ɖekakpui dzodzoe me,
ɖe ŋutsu gbolowɔla siwo nɔa trɔ̃xɔwo me la dome.
15 Ke eɖea ame siwo le fu kpem la
le woƒe fukpekpewo me
eye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me.
 
16 “Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me,
ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi me
eye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwo
le fũu la ŋu le dziɖeɖi me.
17 Ke azɔ la, wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze na
ame vɔ̃ɖiwo la do agbae na wò,
ale nège ɖe afiatsotso
kple tohehe ƒe asi me.
18 Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe o
eye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o.
19 Ɖe wò kesinɔnuwo alo wò kutrikuku veviwo katã
alé wò ɖe asi be màɖo xaxa me oa?
20 Wò dzi megatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu ne nàhe
amewo ado goe le woƒe aƒewo me o.
21 Kpɔ nyuie be mètrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi,
si nèdi wu hiã la ŋu o.
 
22 “Kpɔ ɖa, wodo Mawu ɖe dzi bobobo le eƒe ŋusẽ me.
Ame kae nye nufiala abe eya ene?
23 Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be,
‘Èwɔ nu gbegblẽ?’
24 Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi,
siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me.
25 Amegbetɔwo katã kpɔe
eye agbagbeawo ɖea ŋku ɖee tso adzɔge.
26 Mawu lolo loo, ekɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ta!
Eƒe ƒewo ƒe gɔmedidi gbɔ míaƒe nudidi ƒe ŋutete ta.
 
27 “Ehea tsi si le gegem toŋtoŋtoŋ la ƒoa ƒu,
si dzana abe tsi ene ɖe tɔʋuwo me,
28 lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me,
eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi.
29 Ame kae ase ale si wòkeke lilikpowo,
kple ale si wòɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔme?
30 Kpɔ ale si wòkaka eƒe dzikedzo ƒo xlã eɖokui
eye wòblu atsiaƒu ƒe gogloƒewo ke hã ɖa.
31 Aleae wòkplɔa dukɔwoe eye wònaa nuɖuɖu
wo le agbɔsɔsɔ me.
32 Etsɔa dzikedzo yɔa eƒe asiwo mee
eye wòdɔnɛ be wòake dzo ɖe nu si wòɖoe na la dzi.
33 Eƒe dziɖegbe ɖea gbeƒã ahom si gbɔna,
nyiwo gɔ̃ hã ɖea gbeƒã, ne egbɔna.