38
Yehowa ƒo nu
Tete Yehowa ɖo nyawo ŋu na Hiob to ahom me be,
“Ame ka nye esi tsɔ viviti tsyɔ nye aɖaŋudede dzi
kple nya siwo gɔmesese meli na la o?
Tso nàbla ali dzi abe ŋutsu ene,
mabia nya wò, nàɖo eŋu nam.
 
“Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi?
Gblɔe nam, ne èse egɔme.
Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime?
Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?
Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo?
Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe
esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae
eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?
 
“Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu
esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me
esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖe
viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me,
10 esi meɖo seɖoƒe nɛ,
hede ʋɔtru kple gametiwo enu,
11 esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse,
mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o,
afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’
 
12 “Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tso
esi wò ŋkekewo dze egɔme
alo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe,
13 be wòalé anyigba ƒe toga,
ahaʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzia?
14 Anyigba trɔ eƒe nɔnɔme abe anyi le nutrenu te ene,
eye eƒe nɔnɔme le abe avɔ tɔ ene.
15 Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo si
eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi.
 
16 “Èzɔ mɔ yi ɖe atsiaƒu ƒe vudo me
alo zɔ le gogloƒe ƒe nudiƒewo kpɔa?
17 Wofia ku ƒe agbowo wò kpɔa?
Èkpɔ ku ƒe vɔvɔli ƒe agbowo kpɔa?
18 Èse anyigba ƒe kekeme gɔmea?
Gblɔe nam, ne ènya esiawo katã.
 
19 “Afi ka mɔ si yi kekeli ƒe nɔƒe la to?
Eye afi kae nye viviti nɔƒe?
20 Àte ŋu akplɔ wo ayi wo nɔƒewoea?
Ènya toƒe si yi ɖe wo nɔƒea?
21 Meka ɖe edzi be ènyae
elabena wodzi wò ye ma ɣi xoxo!
Ƒe geɖewoe nye esia esi nèle agbe!
 
22 “Ège ɖe sno ƒe nudzraɖoƒe
alo kpɔ kpetsi ƒe nudzraɖoƒe,
23 esi meɖo ɖi na xaxaɣi,
aʋaŋkekewo kple aʋakpegbe la kpɔa?
24 Afi ka mɔ si wotona yia teƒe
si dzikedzo kakana le
alo teƒe si wokakaa ɣedzeƒeya le ɖe
anyigba blibo la dzi la to?
25 Ame kae ɖo toƒe na tsi gã siwo dzana
kple mɔ na ahom sesẽwo,
26 be woade tsi anyigba si dzi ame mele o
kple gbegbe si ame menɔ o,
27 be wòaɖi kɔ na kuɖiɖinyigba gbɔlo
eye wòamie gbe fɛ̃wo?
28 Fofo le tsidzadza sia?
Ame kae nye tɔ na ahũdzadza?
29 Ame ka ƒe dɔ mee tsikpe do tso?
Ame kae dzi zãmu si dzana tso dziƒo,
30 esi tsiwo do kpe abe ahlihã ene
eye gogloƒewo tame zu tsikpe?
 
31 “Àte ŋu abla Atifieŋu siwo le keklẽma?
Àte ŋu atu Avutɔ ƒe kawoa?
32 Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo ado goe ne woƒe dodoɣi ɖo
alo akplɔ koklonɔ kple viawoa?
33 Ènya dziƒo ƒe sewoa?
Àte ŋu aɖo Mawu ƒe fiaɖuɖu anyi ɖe anyigba dzia?
 
34 “Àte ŋu akɔ gbe dzi ado ɣli na lilikpowo,
eye nàtsɔ tsiɖɔɖɔ atsyɔ ɖokuiwò dzia?
35 Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia?
Ɖe wova gblɔna na wò be,
‘Míawoe nye esi’ mahã?
36 Ame kae tsɔ nunya na dzi
alo gɔmesese na susu?
37 Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo?
Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo,
38 ne anyigba do kpe eye anyikɔ
siwo le anyigba la lé ɖe wo nɔewo ŋu?
 
39 “Wòe daa ade na dzatanɔ
eye nèdia nuɖuɖu na dzatawo, ne dɔ le wo wum
40 eye womlɔ woƒe dowo me
alo le adeklo dzi le ave mea?
41 Ame kae dia nuɖuɖu na akpaviãwo,
ne viawo le xɔxlɔ̃m na Mawu
eye wole tsatsam le nuɖuɖu makpɔmakpɔ ta?