39
“Ènya ɣeyiɣi si todzigbɔ̃wo dzia via?
Ènɔa eteƒe hafi zinɔ fɔa fua?
Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia?
Ènya ɣeyiɣi si wodzia via?
Wodzea klo hedzia vi
eye woƒe kuléle wua nu.
Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me,
ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o.
 
“Ame kae na ablɔɖe gbetedzi?
Ame kae tu kae?
Metsɔ gbegbe nɛ be wòanye eƒe aƒe
kple dzeƒi gbadza la nɛ be wòanye enɔƒe.
Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me la
le kokoe ɖim nɛ eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o.
Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒe
eye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe.
 
“Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa?
Atɔ ɖe wò gbeɖuƒe le zã mea?
10 Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua?
Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?
11 Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta?
Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?
12 Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedie
eye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea?
 
13 “Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe
gake womate ŋu atsɔe asɔ
kple damixe ƒe fu kple aʋalã o.
14 Eɖaa eƒe azi ɖe anyigba,
enana ke xɔdzo dea dzo eme
15 eye metsɔ ɖeke le eme be,
ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo,
alo lã wɔadã aɖe agbãe o.
16 Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo o
ene eye metsɔa ɖeke le eme ne
eƒe agbagbadzedze zu dɔ vlo o.
17 Elabena Mawu mena nunyae
alo na susu nyuie o.
18 Ke hã la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la,
sɔ kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe nɛ.
 
19 “Wòe na ŋusẽ sɔ
alo wòe tsɔ kɔdza de kɔ nɛa?
20 Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi ene
eye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa?
21 Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe,
ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋu
eye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi.
22 Vɔvɔ̃ doa nukokoe nɛ eye mevɔ̃a naneke o,
yi gɔ̃ hã medoa ŋɔdzi nɛ o.
23 Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi,
nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.
24 Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ,
mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o.
25 Edo ɣli be, ‘Aha!’ ne kpẽa ɖi.
Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge ke
kple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli.
 
26 “Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nu
eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea?
27 Ɖe hɔ̃ dzona yia dzi ʋĩi le wò gbeɖeɖe nu
eye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea?
28 Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le zã me,
agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe.
29 Afi ma wòdia eƒe nuɖuɖu tsonae
eye eƒe ŋku kpɔnɛ le adzɔge ke.
30 Ʋu nye nuɖuɖu na viawo
eye afi si aʋatsilawo le la,
afi ma wònɔna.”