40
Yehowa gblɔ na Hiob be,
“Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa?
Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!”
Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be,
“Aleke nye ame si medze o
la maɖo nya ŋu na wòe?
Metsɔ nye asi ɖo nye nu.
Meƒo nu zi ɖeka
gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o;
meƒo nu zi evelia
eya ta nyemagaƒo nu o.”
Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be,
“Bla ali dzi abe ŋutsu ene,
mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam.
 
“Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa?
Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?
Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ ene
eye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?
10 Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò
eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò.
11 Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa,
nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi.
12 Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi
eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole.
13 Ɖi wo katã ɖe ke me
eye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me.
14 Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be,
wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò.
 
15 “Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa,
eɖua gbe abe nyi ene.
16 Eƒe ŋusẽ le alime nɛ eye ŋusẽ kae nya gã si le
eƒe ƒodo ƒe lãmekawo me!
17 Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene,
eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me.
18 Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene
eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene.
19 Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome
gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi.
20 Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛ
eye gbemelãwo katã fena le egbɔ.
21 Emlɔa anyi ɖe ati dama te
eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me.
22 Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛ
eye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe.
23 Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o
eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la,
eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.
24 Ɖe ame aɖe ate ŋu alée
kple eƒe ŋku alo aɖo mɔ nɛ,
ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?