41
“Àte ŋu atsɔ ƒu aɖe lo le tɔ me
alo atsɔ ka abla eƒe aɖe ɖe nu me nɛa?
Àte ŋu ade ka ŋɔti me nɛ alo atsɔ ƒu aŋɔ eƒe glã?
Anɔ kukuɖeɖe na wò dzi ɖaa be nàkpɔ nublanui nɛa?
Aƒo nu na wò kple gbe blewua?
Awɔ ɖoɖo kpli wò be nàkplɔe wòanye
wò kluvi le eƒe agbe me katã?
Àte ŋu amlae abe xevi ene alo atsɔe ada ɖe
avɔ dzi na viwò nyɔnuviwoa?
Ɖe asitsalawo atsɔ woƒe adzɔnuwo aɖɔliia?
Ɖe woamae ɖe asitsalawo domea?
Àte ŋu atsɔ gaƒliwo aŋɔ eƒe ŋutigbalẽ
alo atsɔ akplɔ atɔ eƒe ta?
Ne èka asi eŋuti la, àɖo ŋku avuwɔwɔ si yi edzi la dzi
eye madzro wò be nàgawɔe o!
Mɔkpɔkpɔ be yeate ŋu aɖu edzi nye beble
elabena ne èkpɔe teti gɔ̃ hã la, ŋɔ adzi wò.
10 Ame aɖeke medzi ŋɔ de enu ne wòanyɔe o.
Ekema ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?
11 Ame kae tre nu nanam bena maɖo eteƒe nɛ mahã?
Nu sia nu si le ɣea te la nye tɔnye.
 
12 “Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ata, abɔ,
eƒe ŋusẽ kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o.
13 Ame ka ate ŋu aɖe awu si wòdo ɖe edzi la le eŋu?
Ame ka ate ŋu ado ɖe egbɔ kple gaƒli?
14 Ame ka ate ŋu ake eƒe nu,
nu si me aɖuwo katã kpe ɖe wo nɔewo nu le kple vɔvɔ̃?
15 Akpoxɔnuwo ɖo ɖe eƒe dzimegbe
eye woɖo ɖe wo nɔewo nu,
16 ɖe sia ɖe lé ɖe nɔvia ŋu ale gbegbe be,
ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o.
17 Wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe,
woku ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be,
womate ŋu ama wo dome o.
18 Eƒe nyenye kea dzo miamiamia
eye eƒe ŋkuwo le abe ŋdi ƒe kekeli ene.
19 Dzoxiwo dona tso eƒe nu me,
eye nenema kee nye dzo ƒe aɖewo hã.
20 Dzudzɔ dona le eƒe ŋɔtime abe ale si tsize si
woɖo aƒladzo dzi la fiena tua dzudzɔe ene.
21 Eƒe gbɔgbɔ dea dzo aka me
eye dzo bibi dona tso eƒe nu me.
22 Ŋusẽ le eƒe kɔ me eye dɔmedzoe le eŋgɔ.
23 Eƒe ayi mlɔ wo nɔewo dzi
eye wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe,
ale be womate ŋu afoe ɖa o.
24 Eƒe akɔta do akpa abe kpe ene
eye wòsẽ abe te si dzi wotua nu le la ene.
25 Ne etso la, ŋɔ dzia ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã
eye wogbugbɔna ɖe megbe ne
wose eƒe afɔzi wògbɔna.
26 Yi si kaa eŋu la mewɔa nanekee o,
nenema kee nye akplɔ,
aŋutrɔ kple akplɔ nuɖekɛ.
27 Gayibɔ le nɛ abe gbe ƒuƒu ene
eye akɔbli le abe ati si nyunyɔ la ene.
28 Mesina le aŋutrɔwo nu o
eye akafokpewo le nɛ abe blitsro ene.
29 Kpo le nɛ abe gbe ƒuƒu ene
eye ne yi le gbe dom la, eɖia kokoe nɛ.
30 Eƒe dɔme le abe ze gbagbã dzaglidzagliwo ene
eye woɖea fli ɖe ba me abe luƒomɔ ene.
31 Enana gogloƒewo fiena wlɔwlɔwlɔ abe aŋɔɖaze ene
eye wòblua atsiaƒu me abe
amiɖaze me blum wole ene.
32 Egblẽa mɔ si le dzo dzam la ɖe emegbe
eye wòtrɔa atsiaƒu wòzua futukpɔ ɣi,
ale nàbu be atsiaƒua ɖe wòƒo wɔ ene.
33 Naneke mele anyigba dzi sɔ kplii o,
enye nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o.
34 Eklẽa ŋku ɖe nu siwo katã doa wo ɖokui ɖe dzi
eye wònye fia ɖe nu siwo katã dana la dzi.”