42
Hiob ƒe nuƒo
Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be:
“Azɔ menya be àte ŋu awɔ nu sia nu,
ame aɖeke mate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me o.
Èbia be, ‘Ame kae nye
esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’
Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti,
nu siwo goglo akpa na nye nyanya.
 
“Ègblɔ be, ‘Ɖo to azɔ, ne maƒo nu,
ne mabia gbe wò, ne nàɖo eŋu nam.’
Nye towo se nya le ŋuwò,
ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò
eya ta nu siwo katã megblɔ la kpe ŋu nam
eye megbe wo le ke kple afi me.”
Nuwunyawo
Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, “Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.” Ale Temanitɔ, Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar wɔ abe ale si Yehowa de see na wo ene eye Yehowa xɔ Hiob ƒe gbe si wòdo ɖa ɖe wo ta.
10 Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã. 11 Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.
12 Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene (14,000), kposɔ akpe ade (6,000), agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka (1,000) kple tedzi akpe ɖeka (1,000) nɔ esi. 13 Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ hã nɔ esi. 14 Ena ŋkɔ nyɔnuvi gbãtɔ be, Yemima, evelia be, Kezia eye etɔ̃lia be Keren Hapuk. 15 Womegakpɔ nyɔnu aɖeke le anyigba blibo la dzi wòdze tugbe de Hiob ƒe vinyɔnuwo nu o. Wo fofo na domenyinu wo ɖe wo nɔviŋutsuwo xa.
16 Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene (140) eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ. 17 Ale Hiob tsi, nɔ agbe wòde edeƒe hafi ku.