Psalmowo   
Agbalẽ gbãtɔ  
 1
Psalmowo 1–41  
 1 Woayra ame si  
mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu  
alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo  
alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o,   
 2 ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu,  
eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli.   
 3 Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to,  
esi tsea ku le etseɣi,  
melũa xe o, eye  
nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.   
 4 Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o!  
Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.   
 5 Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe,  
alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.   
 6 Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta,  
ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.