Psalmo 2
Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom,
eye amewo le nu dzodzrowo ɖom?
Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe,
eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe
Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu.
Wole gbɔgblɔm be,
“Mina míado le Yehowa kple eƒe amesiamina la te,
eye míana ablɔɖe mía ɖokuiwo.”
 
Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu,
eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.
Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me,
eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be,
“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion,
nye to kɔkɔe la dzi.”
Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe sedede la;
Yehowa gblɔ nam be,
“Wòe nye vinye ŋutsu,
egbea mezu fofowò.
Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui
kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe.
Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi,
woakaka abe ale si ze gbãnae ene.”
 
10 Eya ta mi fiawo, midze nunya,
eye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame.
11 Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me
kple dzodzo nyanyanya.
12 Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la,
ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata,
elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi.
Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee.