Yeremia ƒe
Konyifahawo
1
Du si ɖi gbɔlo
“Aleke du si yɔ fũu
kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale!
Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ
abe ahosi ene!
Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe.
 
“Ele avi fam hehehe le zã me
eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ.
Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o.
Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo.
 
“Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la,
Yuda yi ɖe aboyo me.
Ele dukɔwo dome
gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o.
Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me.
 
“Zion mɔwo le konyi fam
elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe
eƒe azãwo ɖuƒe o.
Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem.
Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam
eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me.
 
“Eƒe futɔwo zu edziɖulawo
eye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi.
Yehowa do hiã nɛ le eƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta.
Viawo yi ɖe aboyo me,
eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ.
 
“Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu.
Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o,
eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene.
 
“Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ
esi le blemaŋkekewo me la dzi,
le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me.
Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la,
ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.
Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta.
 
“Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ.
Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi,
elabena wokpɔ eƒe amame,
eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo.
 
“Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto,
elabena mebu etsɔ me kpɔ o.
Eƒe anyidzedze wɔ nuku
eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o.
 
“O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa
elabena ketɔ la ɖu dzi.”
 
10 Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ;
ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo,
ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la
ge ɖe wò kɔkɔeƒe la.
 
11 Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe,
wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe.
“O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.”
 
12 “Mi ame siwo katã to afi ma yi,
ɖe mewɔ naneke na mi oa?
Mitsa ŋku miakpɔe ɖa!
Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye,
esi Yehowa he va dzinye le
eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?
 
13 “Eɖo dzo ɖa tso dziƒo,
ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me.
Eɖo ɖɔ na nye afɔwo
eye wògbugbɔm ɖe megbe.
Ewɔm mezu gbegbe heku
ƒenyi ŋkeke blibo la katã.
 
14 “Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene,
etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me.
Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume
eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa.
Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o.
 
15 “Aƒetɔ la gbe nu
le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ,
eɖo aʋakɔ ɖa
be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya.
Le eƒe wainfiaƒe,
Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo.
 
16 “Esia ta mefa avi
eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo.
Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o
eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o.
Vinyewo zu hiãtɔwo
elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.”
 
17 Zion ke eƒe abɔwo me gake
ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o.
Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be
eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo
eye Yerusalem va zu
ŋunyɔnu le wo dome.
 
18 “Yehowa le dzɔdzɔe,
gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu.
Miɖo to, mi amewo katã,
mikpɔ nye fukpekpewo ɖa.
Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã
yi aboyo me.
 
19 “Meyɔ xɔ̃nyewo
gake woflum.
Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa
tsrɔ̃ le dua me
esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim
be woaɖu atsi agbe.
 
20 “O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa!
Nye ameti blibo la metɔtɔ
eye nye dzi hã le fu ɖem nam
elabena medze aglã vevie.
Yi le nu gblẽm le gota;
eye le eme la, ku koe li.
 
21 “Amewo se nye ŋeŋe
gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o.
Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ
eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta.
Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava
be woawo hã nanɔ abe nye ene.
 
22 “Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me;
wɔ na wo
abe ale si nèwɔm
le nye nu vɔ̃wo katã ta la ene.
Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔ
eye nu te nye dzi ŋuti.”