2
Mawu ƒe nyagblɔɖiwo va eme
Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo
tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi!
Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi
eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le
eƒe dzikudogbe o.
Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe
nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
Eye le eƒe dziku me
wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi.
Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me.
Etsɔ dziku helĩhelĩ helã
Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe ɖa.
Esi futɔwo gbɔna mía gbɔ la,
eɖe eƒe nuɖusibɔ ɖa.
Ebi le Yakob me abe dzo bibi si fia
nu sia nu si ƒo xlãe la ene.
Ehe eƒe da me abe futɔ ene
eye eƒe nuɖusibɔ le klalo.
Ewu ame siwo katã nyo na
eƒe ŋku abe ale si futɔ wɔnɛ ene.
Etrɔ eƒe dziku kɔ ɖe
Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ dzi abe dzo ene.
Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel.
Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã
eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi.
Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa
kple konyifafa ɖe edzi.
Ekaka eƒe nɔƒe abe ale si
wokakaa kpɔ le abɔ ŋu ene
hegblẽ eƒe takpeƒe.
Yehowa na Zion ŋlɔ eƒe ŋkekenyuiwo
kple Dzudzɔgbewo be
eye le eƒe dziku helĩhelĩ me
wòdo vlo fia la kple nunɔla siaa.
Aƒetɔ la gbe nu le eƒe vɔsamlekpui
kple eƒe kɔkɔeƒe la gbɔ.
Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na eƒe futɔwo
eye wodo ɣli sesĩe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me
abe le ŋkekenyuiɖugbe ene.
Yehowa ɖoe kplikpaa be
yeagbã gli le Zion vinyɔnu ŋu.
Etsɔ nudzidzeka ɖo eŋu
eye mehe eƒe asi ɖe megbe o,
ke boŋ egbãe gudugudu.
Ena be kpoƒuƒuwo kple gliwo siaa xa nu
eye wo kple eve la siaa mu dze anyi.
Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba
eye wòŋe eƒe gametiwo
kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo.
Woɖe aboyo eƒe fia
kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome,
se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã
megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o.
10 Zion vinyɔnu ƒe dumegãwo nɔ anyi
ɖe anyigba le ɖoɖoezizi gã me.
Wolɔ dzofi kɔ ɖe tame
eye wota akpanya.
Ke Yerusalem ɖetugbiwo ya de mo to.
11 Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu,
nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye,
nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba,
elabena wotsrɔ̃ nye amewo,
eye nu ti kɔ na ɖeviwo
kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo.
12 Wobia wo dadawo be,
“Afi ka abolo kple wain le?”
Elabena nu te wo ŋu le dua ƒe kpɔdomewo
abe ame siwo ŋu wode abi ene
eye woƒe agbe nu tso le wo dadawo ƒe akɔnu.
13 Nya ka magblɔ na wò?
O Yerusalem vinyɔnu,
nu ka matsɔ asɔ kpli wò?
Nu ka magblɔ be ele abe wò ene,
ne mafa akɔ na wò,
O Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o?
Wò abiwo goglo abe atsiaƒu ene,
ame ka ate ŋu ayɔ dɔ wò?
14 Wò nyagblɔɖilawo ƒe ɖeɖefiawo
nye alakpa kple yakanyawo,
womeɖe wò nu vɔ̃wo fia wò,
be womagaɖo wò ɖe aboyo me o.
Ke gbedeasi si wona mi la nye aʋatso
eye wòkplɔ mi trae.
15 Ame siwo katã va toa wò mɔ dzi yina la
si akpe ɖe ŋuwò,
woɖua fewu heʋuʋua ta ɖe wò
Yerusalem vinyɔnu ŋu be,
“Du siae woyɔna be tugbefia
kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔa?”
16 Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò,
woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be,
“Míemi eya amea agbagbe.
Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na,
enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.”
17 Yehowa wɔ nu si wòɖo,
ena eƒe nya si wògblɔ ɖi
gbe aɖe gbe ʋĩi la va eme.
Etsɔ mi ƒu gbe nublanuimakpɔmakpɔtɔe,
ena futɔwo kpɔ dzidzɔ le miaƒe anyidzedze ta
eye wòkɔ míaƒe futɔwo ƒe dzo ɖe dzi bobobo.
18 Ameawo ƒe dzi le ɣli dom na Aƒetɔ la.
O Zion vinyɔnu ƒe gli,
na be wò aɖatsiwo nasi
abe tɔsisi ene zã kple keli,
mègana gbɔdzɔe ɖokuiwò
alo ana dzudzɔ wò ŋkuwo o.
19 Fɔ, fa avi le zã me,
dze egɔme ne zãdzɔɣi ƒe ga ƒo,
trɔ wò dzi kɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe tsi ene.
Tsɔ wò abɔwo do ɖe dzi
nɛ le viwòwo ƒe agbe ta,
ame siwo dɔwuame
na wole kukum le kpɔdomewo.
20 “O Yehowa, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu.
Ame ka nèwɔ alea kpɔ?
Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi,
vi siwo dzi wokpɔa?
Ɖe wòle be woawu nunɔla
kple Nyagblɔɖila le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒea?
 
21 “Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa
ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomewo,
nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo tsi yi nu.
Ewu wo le wò dzikudogbe,
etsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
 
22 “Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la,
nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo.
Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la,
ame aɖeke mesi alo tsi agbe o.
Ame siwo mehe eye menyi la
nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.”