4
Abosam te Yesu kpɔ
(Marko 1:12-13; Luka 4:1-13)
Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ. Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie. Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ azu abolo na wò nàɖu.”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ ”
Azɔ Abosam gakplɔe yi du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi bena:
“ ‘Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le ŋutiwò,
eye woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me
ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ”
Yesu gagblɔ nɛ be, “Woŋlɔ da ɖi hã be, mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”
Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae. Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam ko.”
10 Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ”
11 Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.
Yesu dze eƒe dɔ gɔme le Galilea
(Marko 1:14-15; Luka 4:14-15)
12 Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea, 13 ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me. 14 Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ da ɖi la nu be,
15 “Mi Zebulon kple Naftali,
mi anyigba siwo le ƒuta,
kple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo,
va se ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe Galilea,
16 miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã,
gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi.
Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi,
Kekeli klẽ na mi.”
17 Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo!”
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo
(Marko 1:16-20; Luka 5:1-11)
18 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye. 19 Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.” 20 Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo.
21 Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye, Yakobo kple Yohanes kple wo fofo Zebedeo le ʋu me wonɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome. 22 Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake.
Yesu da gbe le ameha gã aɖe ŋu
(Luka 6:17-19)
23 Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me. 24 Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã. 25 Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke.