5
Todzinyagbɔgblɔ
(Luka 6:20-23)
Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe, henɔ anyi eye eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ. Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo be,
“Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la,
elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.
Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la,
elabena woafa akɔ na mi!
Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo fa tu,
miawoe anyi anyigba la ƒe dome.
Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la,
elabena miawoe aɖi ƒo.
Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo le nublanui kpɔm na amewo,
elabena miawoe woakpɔ nublanui na.
Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me,
elabena miawoe akpɔ Mawu.
Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la,
elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo.
10 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta,
elabena miawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”
11 Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye. 12 Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye, elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti Nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã yomee.
Dze kple kekeli
(Marko 9:50; Luka 14:34-35)
13 “Miawoe nye anyigba la ƒe dze. Ke ne miebu miaƒe dzenyenye ɖe, nu ka woagate ŋu awɔ kpli mi? Ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖeko woatsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ mia dzi.
14 “Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o. 15 Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe. 16 Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.”
Nufiafia le sedziwɔwɔ nyuitɔ ŋuti
17 “Mise eme nyuie be, menye ɖe meva be mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ ge meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu, eye mafia woƒe nyateƒenyenye. 18 Vavã mele egblɔm na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le se la me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu, 19 eya ta ne ame aɖe da le se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada le edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fiaa Mawu ƒe seawo, eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me. 20 Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!”
Nufiafia le hlɔ̃dodo ŋuti
21 “Miese wogblɔ na blematɔwo be, ‘Mègawu ame o, eye ame si awu ame la adze na ʋɔnudɔdrɔ̃.’ 22 Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.
23 “Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu, eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwò aɖe dome la, 24 gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi aɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo hafi nàva sa vɔ na Mawu.
25 “Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ. 26 Le nyateƒe me la, womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàxe fe ɖe sia ɖe si nènyi la, eye pesewa afã hã masusɔ o.”
Nufiafia le ahasiwɔwɔ ŋuti
27 “Miese wogblɔ be, ‘Megawɔ ahasi o,’ 28 gake nye ya mele egblɔm na mi be, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me. 29 Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. 30 Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ aƒu gbe, elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.”
Nufiafia le srɔ̃gbegbe ŋuti
(Mateo 19:9; Marko 10:11-12; Luka 16:18)
31 “Wogblɔ hã be, ‘Ne ŋutsu aɖe di be yeagbe srɔ̃a la, nena srɔ̃gbegbalẽe.’ 32 Ke nye la mele egblɔm na mi be, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi, eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.”
Nufiafia le atamkaka ŋuti
33 “Miese wogagblɔ na blematɔwo be, ‘Mègada le atam si nèka la dzi o, ke boŋ wɔ ɖe wò atam siwo nèka na Aƒetɔ la dzi,’ 34 gake nye ya, mele egblɔm na mi be, migata nu kura o, elabena ne ègblɔ be meta Dziƒo la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe. 35 Eye ne èta Anyigba la, edze agɔ ake, elabena anyigbae nye eƒe afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o, elabena Yerusalem nye Fiagã la ƒe du. 36 Mègagblɔ be meta ‘Nye ta’ gɔ̃ hã o, elabena màte ŋu atrɔ wò ɖakui ɖeka pɛ hã wòafu alo anyɔ o. 37 Kpuie ko la, mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ‘Ɛ̃’, eye ‘O’ nanye ‘O’; nu sia nu si miagblɔ wu esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.”
Nufiafia le nu vɔ̃ teƒe ɖoɖo ŋuti
(Luka 6:29-30)
38 “Miese wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’ 39 Ke nye ya mele egblɔm na mi be, migaɖo vɔ̃, teƒe na vɔ̃ o! Nenye be ame aɖe ƒo ɖusitome na wò la, trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo. 40 Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui, be yeaxɔ wò awutewui la, na wòaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu. 41 Ne ame aɖe azi dziwò be nàzɔ mɔ kple ye kilomita ɖeka la, zɔ kplii kilomita eve. 42 Na nu ame si le nu biam wò la, eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o.
Lɔlɔ̃ na ame ƒe futɔwo
(Luka 6:27-28, 32-36)
43 “Miese wogblɔ be, ‘Lɔ̃ hawòvi, eye nàlé fu wò ketɔ.’ 44 Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta, 45 be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi. 46 Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui ka miewɔ? Ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa? 47 Ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? Ɖe trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa? 48 Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.”