2
Agbe nyui nɔnɔ si doa go tso nunya me ƒe viɖe
Vinye, ne èxɔ nye nyawo
eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,
ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu
hetsɔ wò dzi na gɔmesese,
ne èyɔ sidzedze
eye nèdo ɣli na gɔmesese,
ne èdii abe klosalo
alo kesinɔnu si woɣla ene la,
ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme
eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu
elabena Yehowae naa nunya,
eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.
Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo
eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,
elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu
eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta.
 
Ekema àse nu si nyo,
le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme,
ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme,
10 elabena nunya age ɖe wò dzi me,
eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ.
11 Tamebubu nyui akpɔ tawò,
eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.
 
12 Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi,
tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me,
13 ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna
le mɔ doblukɔwo dzi,
14 ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na,
eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu,
15 ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃
eye wotrana le woƒe mɔwo dzi.
 
16 Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me
kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me
17 ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi
eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii
le Mawu ŋkume la dzi o
18 elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me
eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ.
19 Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo
alo gena ɖe agbemɔ la dzi o.
 
20 Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi
eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi.
21 Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi
eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi
22 gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi
eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.