Salomo
ƒe Lododowo
Susu si ta woŋlɔ Salomo ƒe lododowo ɖo kple nyati si dzi wotui ɖo
1
Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:
na nunya kple amehehe,
na nya goglowo gɔmesese,
hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,
be woawɔ nu si dzɔ,
nu si le eteƒe kple nu si nyo,
be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya
kple sidzedze sɔhɛwo,
nunyalawo neɖo to,
ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu
eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,
be woase nunyalawo ƒe lododowo
abebubuwo kple adzowo gɔme.
 
Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,
ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.
Dzidede ƒo na amewo be woasrɔ̃ nunya
Nuxɔxlɔ̃ amewo le ha baɖa dede ŋuti
Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃
eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.
Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta
kple kɔga anɔ kɔwò.
 
10 Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la,
mègalɔ̃ na wo o.
11 Ne wogblɔ na wò be,
“Va kplɔ mí ɖo,
na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti,
na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,
12 ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene,
eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene
13 ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si
eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee
14 eya ta de mía dzi
ale be míana gakotoku ɖeka wò” la,
15 vinye, mègakplɔ wo ɖo o,
mègaka afɔ woƒe toƒewo o
16 elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu
eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.
17 Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo
le wo katã ƒe ŋkume!
18 Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ
ƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu!
19 Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ,
elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.
Nuxɔxlɔ̃ amewo le nunyagbegbe ŋuti
20 Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi
eye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo.
21 Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye
le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm
le dua ƒe agbowo me be,
 
22 “Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ?
Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu,
bometsilawo alé fu sidzedze?
23 Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,
anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi
eye mena mienya nye susuwo.
24 Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi,
esi meke nye abɔwo me,
mietsɔ ɖeke le eme o
25 eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo,
hegbe nye mokaname ta la,
26 nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta
eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi,
27 ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene,
gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene,
eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi!
 
28 “Ekema woayɔm gake nyematɔ o,
woadim gake womakpɔm o.
29 Le esi wolé fu sidzedze
eye wometia Yehowavɔvɔ̃ o,
30 le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo
hedo vlo nye mokaname ta.
31 Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse
eye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo
32 elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo
eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.
33 Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me
eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”