Psalmo 150
Miakafu Yehowa.
 
Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me.
Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me.
Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta.
Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta.
Mitsɔ kpẽkuku kafui.
Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.
Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu.
Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku.
Mikafui kple ayawagba eve
siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii.
Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve
siwo ƒe gbe ɖina sesĩe.
 
Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa.
 
Mikafu Yehowa!