Psalmo 13
David ƒe ha na hɛnɔ la.
O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?
Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika?
Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?
Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu,
eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me?
Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye?
 
Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam,
O! Yehowa, nye Mawu.
Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi,
ne menye nenema o la,
madɔ alɔ̃ ayi ku me.
Ekema nye futɔwo agblɔ be,
“Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.
 
Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu,
nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.
Madzi ha na Yehowa,
elabena ewɔ nyui nam.