Psalmo 14
David ƒe ha na hɛnɔ la.
Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be,
“Mawu aɖeke meli o.”
Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu;
ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.
 
Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo,
be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome,
eye wòdia Mawu vevie mahã?
Wo katã wodze ɖe aga,
wo katã tim wogblẽ;
ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o,
ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o.
 
Ɖe nu tovo wɔlawo,
ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene,
eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?
Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe,
elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame.
Mi nu tovo wɔlawo,
miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me,
gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe.
 
O! Xɔname ado tso Zion na Israel.
Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la,
na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ!