Psalmo 17
David ƒe gbedodoɖa.
See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo
kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe.
Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa
si metso alakpanuyiwo me o.
Afiatsotso nam netso gbɔwò,
eye na wò ŋkuwo nakpɔ nu si le dzɔdzɔe.
 
Togbɔ be èdzro nye dzi me
eye nèlé ŋku ɖe ŋunye tsitotsito le zã me;
ne èdom kpɔ hã la,
màkpɔ naneke le menye o.
Meɖoe kplikpaa be nye nu mawɔ nu vɔ̃ o.
Le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me la,
metsɔ wò numenya kpɔ ɖokuinye dzii be,
nyemage ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi o.
Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò toƒewo,
eye nye afɔ meɖiɖi o.
 
Mele yɔwòm, O! Mawu, elabena àtɔ nam;
ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye nàse nye gbedodoɖa.
Ɖe wò lɔlɔ̃ gã la ƒe nukunu fia,
wò ame si tsɔa wò nuɖusi ɖea ame siwo si wò tso,
tso woƒe futɔwo ƒe asi me.
Kpɔ tanye abe wò ŋku ƒe gadaglamakui ene,
eye nàɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te,
ɖem tso ame vɔ̃ɖi siwo le funyafunya wɔmem
kple futɔ siwo ɖe to ɖem la ƒe asi me.
 
10 Wotu woƒe ŋutasẽdziwo,
eye wotsɔa woƒe nuwo gblɔa dadanyawoe.
11 Wodo afɔ nam, eye azɔ la, woɖe to ɖem,
woƒe ŋkuwo le te ne woaxlãm ɖe anyigba.
12 Wole abe dzata dɔwui si le nu dim be yealé,
hele adeklo dzi le avekɔe me ene.
 
13 O! Yehowa, tso, kpe akɔ kpli wo,
he wo ƒu anyi, eye tsɔ wò yi nàɖem le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
14 O! Yehowa, tsɔ wò asi ɖem le ame siawo tɔgbi
kple xexemetɔ siawo ƒe asi me,
ame siwo ƒe fetu le agbe sia me.
Ètsia ame siwo nèlɔ̃ vevie la ƒe dɔwuame nu;
wo viŋutsuwo kpɔ nu nyui geɖe,
eye wodzraa kesinɔnuwo ɖo ɖi na wo viwo.
 
15 Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me,
eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo.