Psalmo 18
David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la. David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. David gblɔ be:
O! Yehowa, nye ŋusẽ, melɔ̃ wò.
 
Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ.
Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso.
Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe
ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.
 
Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu,
eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.
Ku ƒe kawo blam,
eye nu siwo gblẽa ame la ƒo ɖe dzinye abe tɔʋu ene.
Tsiẽƒe ƒe kawo
blam, eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem.
 
Meyɔ Yehowa le nye xaxa me;
medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem.
Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke,
eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.
Tete anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu;
towo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye,
eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui.
Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime;
dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me
eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.
Ema dziŋgɔli ɖe eve,
wòto eme ɖi va anyi,
eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.
10 Ede kerubiwo dzi, eye wòdzo dzo.
Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.
11 Viviti nye avɔ si wòtsyɔ, eye lilikpo yibɔ
si dzaa tsi lae nye agbadɔ si ƒo xlãe.
12 Lilikpo, kpetsi kple dzikedzo do tso
eƒe mo ƒe keklẽ la me.
13 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo,
eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.
14 Eda eƒe aŋutrɔ, eye wòkaka eƒe futɔwo,
eɖo dzikedzo ɖa, eye wòtɔtɔ wo.
15 Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglã,
eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu.
Le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu
kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.
 
16 Edo asi ɖa tso dziƒo lém,
Heɖem tso tɔ goglowo me.
17 Eɖem tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me,
tso nye ketɔwo ƒe asi me,
ame siwo sesẽ wum akpa la ƒe asi me.
18 Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe,
gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ.
19 Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa;
eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.
 
20 Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu,
eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza la ta.
21 Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi;
nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o.
22 Eƒe sewo katã le ŋkunye me;
eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o.
23 Nyemeɖi fɔ le eŋkume o,
eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ.
24 Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye
kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta.
 
25 Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla,
eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o.
26 Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza,
eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.
27 Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui,
ke ame siwo si dadaŋku le la, èɖiɖia wo ɖe anyi.
28 Wò, O! Yehowae na nye akaɖi le bibim,
eye nye Mawu trɔ nye viviti wòzu kekeli.
29 Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me,
eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli.
30 Mawu ya ƒe mɔwo de blibo,
Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ.
Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.
31 Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu?
Ame kae ganye Agakpe,
ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?
32 Mawue nye nye mɔ sesẽ,
Eyae na nye mɔ zu gbadzaa.
33 Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene,
eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.
34 Efia aʋawɔwɔ nye asiwo,
eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli.
35 Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam,
eye wò nuɖusi lém ɖe te.
Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.
36 Èkeke mɔ le tenye,
be nye klowo magli le tenye o.
 
37 Meti nye futɔwo yome, eye metu wo.
Nyemetrɔ le wo yome o,
va se ɖe esime wotsrɔ̃.
38 Metsrɔ̃ wo be womagate ŋu afɔ gbeɖe o,
ale wodze anyi ɖe nye afɔ nu.
39 Wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ,
Èna mebɔbɔ ame siwo katã
tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.
40 Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ,
eye metsrɔ̃ nye futɔwo.
41 Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo,
gake ame aɖeke mexɔ na wo o,
elabena Yehowa metɔ na wo o.
42 Metu wo memie abe ʋuʋudedi si ya lɔ ɖe nu la ene,
eye metrɔ wo ɖe mɔtata dzi abe anyi ene.
43 Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la ƒe asi me,
ètsɔm ɖo dukɔwo nu,
eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo.
44 Ne wose ŋkɔnye ko la,
woɖoa tom, eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã
dzona nyanyanya le nye ŋkume.
45 Dzi ɖena le wo katã ƒo, eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe
le woƒe mɔ sesẽwo me.
 
46 Yehowa li tegbee!
Woakafu nye Agakpe la!
Woado Mawu, nye Xɔla la, ɖe dzi bobobo!
47 Eyae nye Mawu si biaa hlɔ̃ nam,
eye wòbɔbɔa dukɔwo ɖe nye afɔ te,
48 ame si ɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me.
Èkɔm ɖe dzi gbɔ nye futɔwo ta,
eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me.
49 O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome
le esia ta, eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ.
 
50 Ena dziɖuɖu gãwo eƒe fia la;
eɖe amenuveve si nu meyi o la fia David,
eƒe amesiamina la kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.