Psalmo 33
Midzi ha kple dzidzɔ na Yehowa,
mi ame dzɔdzɔewo;
edze mi ame siwo ƒe dzi to
mɔ ɖeka la be woakafui.
Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo,
eye miƒo ha nɛ le ka ewo ƒe kasaŋku dzi.
Midzi ha yeye nɛ;
miƒo ha nɛ kple ŋusẽ, eye míado dzidzɔɣli.
 
Elabena Yehowa ƒe nya nye nyateƒe, eye wòto mɔ ɖeka;
etoa nyateƒe le nu siwo katã wòwɔna la me.
Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ;
anyigba yɔ fũu kple eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o.
 
Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe,
eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe.
Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me,
eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.
Anyigba katã nevɔ̃ Yehowa,
eye xexemetɔwo katã nede bubu eŋu.
Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ;
eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.
 
10 Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me,
eye wòtɔtɔ anyigbadzitɔwo ƒe ɖoɖowo.
11 Ke Yehowa ya ƒe ɖoɖowo nɔa anyi maʋamaʋãe ɖikaa,
eye eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime.
 
12 Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa,
ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome.
13 Yehowa bi kɔ tso dziƒo ke,
eye wòkpɔ amegbetɔviwo katã.
14 Ele eƒe nɔƒe ke hekpɔ
ame siwo katã le anyigba dzi,
15 eya ame si wɔ ame sia ame ƒe dzi,
eye wòléa ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna la ŋu.
 
16 Aʋakɔ gbogbo si le fia aɖe si la mate ŋu aɖee o,
eye ŋusẽ triakɔ hã meɖea kalẽtɔ o.
17 Ne eɖo ɖeɖe dzi la,
sɔ maɖe ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi o,
togbɔ be ŋusẽ triakɔ le esi hã la,
mate ŋu aɖee o.
18 Ke Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu,
ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe
eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi,
19 be wòaɖe wo tso ku ƒe asi me,
eye wòana woatsi agbe le dɔŋɔli.
 
20 Míele lalam le mɔ kpɔm na Yehowa,
eyae nye míaƒe xɔname kple akpoxɔnu.
21 Míaƒe dziwo le dzidzɔ kpɔm le eya amea me,
elabena mieka ɖe eƒe ŋkɔ kɔkɔe la dzi.
22 O! Yehowa, na wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la,
nanɔ mía dzi abe ale si míetsɔ míaƒe
mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò ene.