Psalmo 34
David ƒe ha. Ekpa ha sia esime wòdo aɖaʋatɔ eɖokui le Abimelek ŋkume, eye wònyae wòdzo.
Mado Yehowa ɖe dzi ɣe sia ɣi;
eye eƒe kafukafu anɔ nye nu me ɖaa.
Nye luʋɔ aƒo adegbe le Yehowa me,
ame siwo le veve sem la nesee ne woakpɔ dzidzɔ.
Mido kɔkɔ Yehowa kplim;
mina míawɔ ɖeka ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi.
 
Meyɔ Yehowa, eye wòtɔ nam heɖem tso nye vɔvɔ̃wo katã me.
Ame siwo tsɔ woƒe ŋku da ɖe edzi la aklẽ,
ŋukpe matsyɔ mo na wo o.
Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe,
heɖee le eƒe xaxawo katã me.
Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã
ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo.
 
Miɖɔe kpɔ, ne miakpɔe be Yehowa ƒe dɔ me nyo;
woayra ŋutsu si be ɖe eya amea me.
Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo,
elabena naneke mehiãa ame siwo vɔ̃nɛ la o.
10 Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ,
gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o.
11 Miva, vinyewo, miɖo tom,
ne mafia Yehowavɔvɔ̃ mi.
12 Mia dometɔ siwo lɔ̃ agbe,
eye miedi be miakpɔ ŋkekenyui geɖewo la,
13 mikpɔ miaƒe aɖewo dzi nyuie tso vɔ̃ ŋuti,
eye miaƒe nuyiwo tso aʋatsokaka ŋuti.
14 Mite ɖa le vɔ̃ gbɔ, eye miawɔ nu nyui,
midi ŋutifafa, eye miati eyome.
 
15 Yehowa ƒe ŋku le ame dzɔdzɔewo ŋu,
eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu;
16 ke Yehowa klẽa ŋku ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo be wòaɖe wo ɖa
le anyigba dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ o.
 
17 Ame dzɔdzɔewo do ɣli,
Yehowa see, eye wòɖe wo le woƒe xaxawo katã me.
18 Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ,
eye wòɖea ame siwo ƒe gbɔgbɔ wogbã ƒu anyi.
 
19 Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ ŋutɔ,
gake Yehowa ɖenɛ le wo katã me;
20 ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta,
eye womaŋe wo dometɔ aɖeke o.
 
21 Dzɔgbevɔ̃e awu ame vɔ̃ɖi,
eye woabu fɔ ame dzɔdzɔewo ƒe futɔwo.
22 Yehowa ɖea eƒe dɔlawo,
eye womabu fɔ ame siwo katã sinɛ tsona la o.