Psalmo 35
David ƒe ha.
O! Yehowa, wɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kplim;
wɔ aʋa kple ame siwo le aʋa wɔm kplim.
Tso, tsɔ akpoxɔnu kple wò akɔtatsyɔnu, eye nàxɔ nam.
Tsɔ akplɔ nueveetɔ kple nuɖekɛtɔ ɖe yonyemetilawo ŋuti.
Gblɔ na nye luʋɔ be,
“Nyee nye wò xɔname.”
 
Ame siwo le nye agbe yome tim la,
ŋukpe kple vlododo nelé wo,
eye ame siwo le nugbe ɖom ɖe nye gbegblẽ ŋu la,
gbegblẽ netrɔ va woawo ŋutɔ dzi.
Wonenɔ abe bli ƒe atsa si ya lɔ ɖe nu ene,
eye Yehowa ƒe dɔla nenya wo ɖe du nu;
woƒe mɔ dzi nedo viviti, ahanɔ ɖiɖim,
eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome.
 
Esi nyemewɔ naneke wo o,
gake woɖo ɖɔ ɖi nam, eye woɖe ʋe ɖi nam ta la,
gbegblẽ neƒo ɖe wo dzi kpoyi,
ɖɔ si woɖo nam la neɖe woawo ŋutɔ,
eye woage dze ʋe si woɖe ɖi nam la me aƒaƒã ɖe afi ma.
Ekema nye luʋɔ atso aseye le Yehowa me,
eye wòadzɔ dzi le eƒe xɔname ŋuti.
10 Nye ameti blibo la katã mado ɣli be,
“O! Yehowa, ame kae sɔ kpli wò?
Wò ame si ɖe ame beliwo tso
ame siwo sesẽ wu wo la ƒe asi me,
eye nèɖe hiãtɔwo kple ame dahewo tso
ame siwo ha wo la ƒe asi me.”
 
11 Ɖasefo ŋutasẽlawo zɔ va ŋgɔgbe,
eye wobia biabiam tso nu
siwo ŋuti nyemenya naneke le o.
12 Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam,
eye wogble nye luʋɔ ɖe nuxaxa me.
13 Gake ne wodze dɔ la,
metaa akpanya, eye metsɔa nutsitsidɔ bɔbɔa ɖokuinyee.
Ne womeɖo nye gbedodoɖa ŋuti nam o la,
14 menɔa yiyim kpokpokpo le nuxaxa me abe xɔ̃nye
alo nɔviŋutsu fam mele ene.
Medea mo to abe danye ƒe ku fam mele ene.
15 Gake ne mekli nu la,
woƒoa ƒu koa nu hahaha,
eye ne mele vo me la, futɔwo va ɖea to ɖem.
Woɖea alɔme le ŋunye madzudzɔmadzudzɔe.
16 Woɖua fewu le ŋunye vevesesetɔe,
eye woɖua aɖukli ɖe ŋunye abe mawumavɔ̃lawo ene.
 
17 O! Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ te akpɔ wo ase ɖo?
Ɖe nye agbe tso woƒe nu gbegblẽwo me,
ɖe nye agbe xɔasi tso dzata siawo ƒe asi me.
18 Ekema mada akpe na wò le ameha gã la dome,
eye makafu wò le ame gbogbowo dome.
19 Mègana ame siwo nye nye futɔwo la nakpɔ dziɖuɖu
ƒe dzidzɔ ɖe ŋunye yakatɔe o,
eye mègana ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la
nate ŋku ɖem kple vevesese o.
20 Womeƒoa nu ŋutifafatɔe o,
ke boŋ woɖoa alakpa ƒe amenutsonyawo ɖi ɖe
ame siwo le anyigba dzi kpoo la ŋuti.
21 Wokea woƒe nu baa ɖe ŋutinye hegblɔna be,
“Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃! Míawo ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋkuwo.”
 
22 O! Yehowa, èkpɔ esia, eya ta mègazi ɖoɖoe o.
O! Aƒetɔ, mèganɔ adzɔge nam o.
23 Nyɔ, tso nàʋli tanye!
Wɔ avu ɖe nunye,
nye Mawu kple nye Aƒetɔ.
24 Tso afia nam le wò dzɔdzɔenyenye la ta,
O! Yehowa, nye Mawu,
mègana woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye o.
25 Mègana woabu be,
“Ɛhɛ̃, esia tututu dim míele” o.
Alo agblɔ be, “Míemii agbagbee” o.
 
26 Ame siwo katã le dzidzɔ kpɔm tso nye xaxa ŋuti la,
ŋukpe nelé wo, eye woatɔtɔ;
na be ame siwo kɔ wo ɖokuiwo dzi ɖe ŋutinye la
nata ŋukpe kple vlododo abe avɔ ene.
27 Ke ame siwo dzɔ dzi be nètso afia nam la
nedo dzidzɔɣli kple aseyetsoɣli.
Wonenɔ gbɔgblɔm ɖaa be,
“Woado Yehowa, ame si dzɔa dzi le eƒe dɔla
ƒe dedinɔnɔ ŋu la ɖe dzi.”
 
28 Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti,
eye wòadzi wò kafukafuha ɖaa.