Psalmo 36
David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la.
Yehowa ƒe gbedeasi aɖe le nye dzi me tso
ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋuti.
Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.
 
Elabena le eya ŋutɔ ŋkume,
wòvivi nu me na eɖokui ale gbegbe be
mete ŋu kpɔ eƒe nu vɔ̃ dze sii
alo wòagbe nu le egbɔ o.
Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi,
henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me
kple nu nyui wɔwɔ.
Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi,
etsɔa eɖokui dea asi na nu si nye vɔ̃,
eye megbea nu si nye nu gbegblẽ o.
 
O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke,
eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke.
Wò dzɔdzɔenyenye le abe to gãwo ene,
eye wò afiatsotso le abe tɔ goglo ene.
O! Yehowa, èkpɔa amegbetɔwo kple lãwo siaa ta.
Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo!
Ame siwo ŋuti bubu le
kple ame siwo ŋuti mele o,
le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒe
le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.
Wò aƒemenu gbogboawo nye nuɖuɖu na wo,
eye nènaa tsi wo wonona tso wò dzidzɔtɔsisi la me.
Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le,
eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.
 
10 Yi edzi nàɖe wò lɔlɔ̃ afia ame siwo nya wò,
eye nàɖe wò dzɔdzɔenyenye afia
ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
11 Dadalawo megaɖo afɔ dzinye,
alo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam o.
12 Kpɔ ale si nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe anyigbae ɖa;
wotutu wo ƒu anyi, eye womete ŋu fɔ o!